1 Mida akpe na Yehowa,
2 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,
3 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,
4 Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,
5 Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,
6 O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo.
7 Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu la,
8 Eɖoa ŋku eƒe nubabla
9 eyae nye nu si wòbla kple Abraham
10 Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene,
11 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,
12 Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,
13 wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me,
14 Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o,
15 “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o,
16 Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi,
17 ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef,
18 Wode kunyowu afɔ nɛ,
19 va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme,
20 Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game,
21 Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu,
22 be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu,
23 Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi,
24 Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi,
25 ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la,
26 Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa.
27 Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome
28 Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ
29 Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu,
30 Ena woƒe anyigba la dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo,
31 Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ
32 Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi,
33 Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi,
34 Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi,
35 woɖu numiemie mumu ɖe sia ɖe le woƒe anyigba la dzi,
36 Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã
37 Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika,
38 Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo,
39 Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene,
40 Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu,
41 Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa,
42 Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo na
43 Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso,
44 Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo,
45 Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,