1 O! Luʋɔnye, kafu Yehowa.
2 Etsyɔ kekeli abe avɔ ene,
3 eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo
4 Yae nye eƒe dɔtsɔlawo,
5 Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi,
6 Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene,
7 Ke esi nèblu la, tsiawo si,
8 Wosi to towo tame,
9 Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo,
10 Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me,
11 Wonaa tsi gbemelãwo,
12 Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to,
13 Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me;
14 Ena gbe mie na nyihawo,
15 wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi,
16 Wode tsi Yehowa ƒe atiawo nyuie,
17 Afi mae xeviwo wɔ woƒe atɔwo ɖo,
18 To kɔkɔwo nye gbemegbɔ̃wo tɔ,
19 Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome,
20 Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã
21 Dzatawo ɖea gbe na nuléle,
22 Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me.
23 Tete ame do go yi dɔ me,
24 O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo!
25 Atsiaƒue nye ekem, elolo hekeke,
26 Meliwo zɔa edzi yina,
27 Esiawo katã le asiwò nu kpɔm be
28 Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu;
29 Ke ne èɣla wò mo la,
30 Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la,
31 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nenɔ anyi tegbee.
32 eya ame si do mo ɖe anyigba dzi, eye anyigba dzo nyanyanya;
33 Madzi ha na Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me,
34 Nye ŋugbledede nedze eŋu,
35 Ke nu vɔ̃ wɔlawo netsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi,