Rute 2

EWE vs ARA

Sair da comparação
ARA Almeida Revista e Atualizada 1993
1 Naomi srɔ̃, Elimelek nɔviŋutsu aɖe nɔ Betlehem, ame si ŋkɔe nye Boaz, eye wònye kesinɔtɔ gã aɖe.
1 Tinha Noemi um parente de seu marido, senhor de muitos bens, da família de Elimeleque, o qual se chamava Boaz.
2 Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.”
2 Rute, a moabita, disse a Noemi: Deixa-me ir ao campo, e apanharei espigas atrás daquele que mo favorecer. Ela lhe disse: Vai, minha filha!
3 Ale Rut yi. Nukutɔe la, agble si me wòyi la nye Boaz, ame si nye Naomi srɔ̃, Elimelek ƒe ƒometɔ la tɔ.
3 Ela se foi, chegou ao campo e apanhava após os segadores; por casualidade entrou na parte que pertencia a Boaz, o qual era da família de Elimeleque.
4 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Boaz tso Betlehem va agble la, eye wòdo gbe na dɔwɔlawo be, “Yehowa nanɔ anyi kpli mi!”
4 Eis que Boaz veio de Belém e disse aos segadores: O Senhor seja convosco! Responderam-lhe eles: O Senhor te abençoe!
5 Boaz bia eƒe dɔwɔlawo dzi kpɔla be, “Ɖetugbi kae nye ema?”
5 Depois, perguntou Boaz ao servo encarregado dos segadores: De quem é esta moça?
6 Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae.
6 Respondeu-lhe o servo: Esta é a moça moabita que veio com Noemi da terra de Moabe.
7 Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.”
7 Disse-me ela: Deixa-me rebuscar espigas e ajuntá-las entre as gavelas após os segadores. Assim, ela veio; desde pela manhã até agora está aqui, menos um pouco que esteve na choça.
8 Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu.
8 Então, disse Boaz a Rute: Ouve, filha minha, não vás colher em outro campo, nem tampouco passes daqui; porém aqui ficarás com as minhas servas.
9 Lé ŋku ɖe afi si ŋutsuawo le nuku xam le la ŋu, eye nàdze nye dɔlanyɔnuwo yome. Mede se na ŋutsuawo be womaɖe fu aɖeke na wò o, eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi nàku tsi le ze siwo me ŋutsuawo ku tsi ɖo la me nàno.”
9 Estarás atenta ao campo que segarem e irás após elas. Não dei ordem aos servos, que te não toquem? Quando tiveres sede, vai às vasilhas e bebe do que os servos tiraram.
10 Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?”
10 Então, ela, inclinando-se, rosto em terra, lhe disse: Como é que me favoreces e fazes caso de mim, sendo eu estrangeira?
11 Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu.
11 Respondeu Boaz e lhe disse: Bem me contaram tudo quanto fizeste a tua sogra, depois da morte de teu marido, e como deixaste a teu pai, e a tua mãe, e a terra onde nasceste e vieste para um povo que dantes não conhecias.
12 Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”
12 O Senhor retribua o teu feito, e seja cumprida a tua recompensa do Senhor , Deus de Israel, sob cujas asas vieste buscar refúgio.
13 Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.”
13 Disse ela: Tu me favoreces muito, senhor meu, pois me consolaste e falaste ao coração de tua serva, não sendo eu nem ainda como uma das tuas servas.
14 Le ŋdɔnuɖuɣi la, Boaz yɔ Rut, eye wògblɔ nɛ be, “Va nàɖu nu kpli mí.”
14 À hora de comer, Boaz lhe disse: Achega-te para aqui, e come do pão, e molha no vinho o teu bocado. Ela se assentou ao lado dos segadores, e ele lhe deu grãos tostados de cereais; ela comeu e se fartou, e ainda lhe sobejou.
15 Esi wògayi nukua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na nuxalawo be woana wòafɔ nukuawo le bablawo me, eye womegaxe mɔ nɛ kura o.
15 Levantando-se ela para rebuscar, Boaz deu ordem aos seus servos, dizendo: Até entre as gavelas deixai-a colher e não a censureis.
16 Kpe ɖe esia ŋu la, woalũ nuku aɖewo tso nuku babla me ada ɖe eŋgɔ be wòafɔ, eye womegabia nya aɖekee o.
16 Tirai também dos molhos algumas espigas, e deixai-as, para que as apanhe, e não a repreendais.
17 Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve.
17 Esteve ela apanhando naquele campo até à tarde; debulhou o que apanhara, e foi quase um efa de cevada.
18 Rut tsɔ lu la yi dua me, eye lɔ̃xoa kpɔ esi sinu wòte ŋu fɔ. Kpe ɖe esia ŋu la, Rut he nuɖuɖu si wòɖu la ƒe susɔe ɖe go, eye wòtsɔe nɛ.
18 Tomou-o e veio à cidade; e viu sua sogra o que havia apanhado; também o que lhe sobejara depois de fartar-se tirou e deu a sua sogra.
19 Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!”
19 Então, lhe disse a sogra: Onde colheste hoje? Onde trabalhaste? Bendito seja aquele que te acolheu favoravelmente! E Rute contou a sua sogra onde havia trabalhado e disse: O nome do senhor, em cujo campo trabalhei, é Boaz.
20 Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”
20 Então, Noemi disse a sua nora: Bendito seja ele do Senhor , que ainda não tem deixado a sua benevolência nem para com os vivos nem para com os mortos. Disse-lhe mais Noemi: Esse homem é nosso parente chegado e um dentre os nossos resgatadores.
21 Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.”
21 Continuou Rute, a moabita: Também ainda me disse: Com os meus servos ficarás, até que acabem toda a sega que tenho.
22 Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be, “Vinyenyɔnu, anyo na wò be nànɔ eƒe nyɔnuviwo ŋu, elabena ne èyi ame bubu aɖe ƒe agble me la, ɖewohĩ woava wɔ nuvevi wò.”
22 Disse Noemi a sua nora, Rute: Bom será, filha minha, que saias com as servas dele, para que, noutro campo, não te molestem.
23 Ale Rut lé eɖokui ɖe Boaz ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu henɔ nukuwo fɔm va se ɖe esime lu kple ƒo ŋeɣi wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ.
23 Assim, passou ela à companhia das servas de Boaz, para colher, até que a sega da cevada e do trigo se acabou; e ficou com a sua sogra.

Ler em outra tradução

Comparar com outra