Romanos 7
EWE vs ARC
1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele nu ƒom na ame siwo nya se la; ɖe mienyae bena ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã?
1 Não sabeis vós, irmãos (pois que falo aos que sabem a lei), que a lei tem domínio sobre o homem por todo o tempo que vive?
2 Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o.
2 Porque a mulher que está sujeita ao marido, enquanto ele viver, está-lhe ligada pela lei; mas, morto o marido, está livre da lei do marido.
3 Eya ta ne srɔ̃nyɔnu la gale ŋutsu bubu gbɔ dem esime srɔ̃ŋutsu la le agbe la, ekema nyɔnu la nye ahasiwɔla; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, ekema srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, meganye ahasiwɔla o.
3 De sorte que, vivendo o marido, será chamada adúltera se for doutro marido; mas, morto o marido, livre está da lei e assim não será adúltera se for doutro marido.
4 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu.
4 Assim, meus irmãos, também vós estais mortos para a lei pelo corpo de Cristo, para que sejais doutro, daquele que ressuscitou de entre os mortos, a fim de que demos fruto para Deus.
5 Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku.
5 Porque, quando estávamos na carne, as paixões dos pecados, que são pela lei, operavam em nossos membros para darem fruto para a morte.
6 Ke azɔ esi míeku na se si ƒe kpɔkplɔ te míenɔ kpɔ la, míevo tso se la me, be míasubɔ le Gbɔgbɔ la ƒe mɔ yeye nu, ke menye le se la ƒe mɔ xoxo nu o.
6 Mas, agora, estamos livres da lei, pois morremos para aquilo em que estávamos retidos; para que sirvamos em novidade de espírito, e não na velhice da letra.
7 Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, “Mègabiã ŋu o.”
7 Que diremos, pois? É a lei pecado? De modo nenhum! Mas eu não conheci o pecado senão pela lei; porque eu não conheceria a concupiscência, se a lei não dissesse: Não cobiçarás.
8 Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eho ŋubiabiã ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ ku.
8 Mas o pecado, tomando ocasião pelo mandamento, despertou em mim toda a concupiscência: porquanto, sem a lei, estava morto o pecado.
9 Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku.
9 E eu, nalgum tempo, vivia sem lei, mas, vindo o mandamento, reviveu o pecado, e eu morri;
10 Elabena mekpɔe dze sii be se si wode hena agbe la he ku vɛ boŋ.
10 e o mandamento que era para vida, achei eu que me era para morte.
11 Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam.
11 Porque o pecado, tomando ocasião pelo mandamento, me enganou e, por ele, me matou.
12 Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo.
12 Assim, a lei é santa; e o mandamento, santo, justo e bom.
13 Ekema ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Ke boŋ nu vɔ̃ lae, bena wòadze ƒãa be etsɔ nu nyui wɔ ku nam, be to sedede la me la, nu vɔ̃ navɔ̃ɖi ɖe edzi ŋutɔ.
13 Logo, tornou-se-me o bom em morte? De modo nenhum! Mas o pecado, para que se mostrasse pecado, operou em mim a morte pelo bem, a fim de que pelo mandamento o pecado se fizesse excessivamente maligno.
14 Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃.
14 Porque bem sabemos que a lei é espiritual; mas eu sou carnal, vendido sob o pecado.
15 Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna.
15 Porque o que faço, não o aprovo, pois o que quero, isso não faço; mas o que aborreço, isso faço.
16 Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo.
16 E, se faço o que não quero, consinto com a lei, que é boa.
17 Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae.
17 De maneira que, agora, já não sou eu que faço isto, mas o pecado que habita em mim.
18 Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o.
18 Porque eu sei que em mim, isto é, na minha carne, não habita bem algum; e, com efeito, o querer está em mim, mas não consigo realizar o bem.
19 Elabena nyemewɔa nu nyui si medina be mawɔ la o; ke nu vɔ̃ si nyemedina be mawɔ o la, eya boŋ mewɔna.
19 Porque não faço o bem que quero, mas o mal que não quero, esse faço.
20 Azɔ ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae le ewɔm.
20 Ora, se eu faço o que não quero, já o não faço eu, mas o pecado que habita em mim.
21 Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam.
21 Acho, então, esta lei em mim: que, quando quero fazer o bem, o mal está comigo.
22 Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me;
22 Porque, segundo o homem interior, tenho prazer na lei de Deus.
23 gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la.
23 Mas vejo nos meus membros outra lei que batalha contra a lei do meu entendimento e me prende debaixo da lei do pecado que está nos meus membros.
24 O, nye nu wɔ nublanui ŋutɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ɖe ku mee la si me?
24 Miserável homem que eu sou! Quem me livrará do corpo desta morte?
25 Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.
25 Dou graças a Deus por Jesus Cristo, nosso Senhor. Assim que eu mesmo, com o entendimento, sirvo à lei de Deus, mas, com a carne, à lei do pecado.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?