Romanos 14

EWE vs ARIB

Sair da comparação
ARIB Almeida Revisada Imprensa Bíblica
1 Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o.
1 Ora, ao que é fraco na fé, acolhei-o, mas não para condenar-lhe os escrúpulos.
2 Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe.
2 Um crê que de tudo se pode comer, e outro, que é fraco, come só legumes.
3 Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo.
3 Quem come não despreze a quem não come; e quem não come não julgue a quem come; pois Deus o acolheu.
4 Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la.
4 Quem és tu, que julgas o servo alheio? Para seu próprio senhor ele está em pé ou cai; mas estará firme, porque poderoso é o Senhor para o firmar.
5 Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui.
5 Um faz diferença entre dia e dia, mas outro julga iguais todos os dias. Cada um esteja inteiramente convicto em sua própria mente.
6 Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam.
6 Aquele que faz caso do dia, para o Senhor o faz. E quem come, para o Senhor come, porque dá graças a Deus; e quem não come, para o Senhor não come, e dá graças a Deus.
7 Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo, be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia ene o.
7 Porque nenhum de nós vive para si, e nenhum morre para si.
8 Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye.
8 Pois, se vivemos, para o Senhor vivemos; se morremos, para o Senhor morremos. De sorte que, quer vivamos quer morramos, somos do Senhor.
9 Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me.
9 Porque foi para isto mesmo que Cristo morreu e tornou a viver, para ser Senhor tanto de mortos como de vivos.
10 Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. Ɖo ŋku edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.
10 Mas tu, por que julgas teu irmão? Ou tu, também, por que desprezas teu irmão? Pois todos havemos de comparecer ante o tribunal de Deus.
11 Elabena woŋlɔe ɖi be,
11 Porque está escrito: Por minha vida, diz o Senhor, diante de mim se dobrará todo joelho, e toda língua louvará a Deus.
12 Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu.
12 Assim, pois, cada um de nós dará conta de si mesmo a Deus.
13 Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o.
13 Portanto não nos julguemos mais uns aos outros; antes o seja o vosso propósito não pôr tropeço ou escândalo ao vosso irmão.
14 Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o.
14 Eu sei, e estou certo no Senhor Jesus, que nada é de si mesmo imundo a não ser para aquele que assim o considera; para esse é imundo.
15 Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o.
15 Pois, se pela tua comida se entristece teu irmão, já não andas segundo o amor. Não faças perecer por causa da tua comida aquele por quem Cristo morreu.
16 Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã.
16 Não seja pois censurado o vosso bem;
17 Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí.
17 porque o reino de Deus não consiste no comer e no beber, mas na justiça, na paz, e na alegria no Espírito Santo.
18 Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ.
18 Pois quem nisso serve a Cristo agradável é a Deus e aceito aos homens.
19 Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo.
19 Assim, pois, sigamos as coisas que servem para a paz e as que contribuem para a edificação mútua.
20 Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui, eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu.
20 Não destruas por causa da comida a obra de Deus. Na verdade tudo é limpo, mas é um mal para o homem dar motivo de tropeço pelo comer.
21 Nu nyuitɔ si nàwɔ lae nye be nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu.
21 Bom é não comer carne, nem beber vinho, nem fazer outra coisa em que teu irmão tropece.
22 Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o.
22 A fé que tens, guarda-a contigo mesmo diante de Deus. Bem-aventurado aquele que não se condena a si mesmo naquilo que aprova.
23 Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃, elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la nye nu vɔ̃.
23 Mas aquele que tem dúvidas, se come está condenado, porque o que faz não provém da fé; e tudo o que não provém da fé é pecado.

Ler em outra tradução

Comparar com outra