Provérbios 4

EWE

1 Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame;

2 Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam

3 Esi menye ɖevi sue kple vi fɛ̃ le fofonye ƒe aƒe me

4 efia num hegblɔ be,

5 Dze nunya, di gɔmesese,

6 Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò,

7 Nunya ƒo nuwo katã ta

8 De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi,

9 Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene

10 Ɖo to afii, vinye,

11 Mele nunya ƒe mɔ fiam wò

12 Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò

13 Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o;

14 Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo

15 Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o,

16 elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa,

17 Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo

18 Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene,

19 Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene

20 Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu

21 Mègana woadzo le wò ŋkume o,

22 elabena wonye agbe na ame siwo

23 Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã,

24 Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me,

25 Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe

26 Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo

27 Mègadze ɖe ɖusime alo miame o,

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado