Números 6
EWE vs NVI
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor disse ainda a Moisés:
2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe di be yeaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa abe Nazaritɔ ene la,
2 "Diga o seguinte aos israelitas: Se um homem ou uma mulher fizer um voto especial, um voto de separação para o Senhor como nazireu,
3 mele nɛ be wòano wain alo nu muame aɖeke alo aha sesẽ si wowɔ tso wain me alo aha si wotsɔ ɖo ƒãe o. Mano waintsetse me tsi alo aɖu waintsetse o.
3 terá que se abster de vinho e de outras bebidas fermentadas e não poderá beber vinagre feito de vinho ou de outra bebida fermentada. Não poderá beber suco de uva nem comer uvas nem passas.
4 Ŋkeke ale si wònye Nazaritɔ ko la, maɖu naneke si do tso waintsetse me o; maɖu kuawo alo tsroa gɔ̃ hã o.
4 Enquanto for nazireu, não poderá comer nada que venha da videira, nem mesmo as sementes ou as cascas.
5 “ ‘Le ɣeyiɣi mawo katã me la, mele be wòako ta alo alũ ge gɔ̃ hã o, elabena enye ame kɔkɔe, eye wokɔ eŋuti na Yehowa. Eya ta ele nɛ be wòagblẽ eƒe ɖa ɖi wòato ʋluyaa.
5 "Durante todo o período de seu voto de separação, nenhuma lâmina será usada em sua cabeça. Até que termine o período de sua separação para o Senhor ele estará consagrado e deixará crescer o cabelo de sua cabeça.
6 “ ‘Le ɣeyiɣi si me wòɖe eɖokui ɖe aga na Yehowa la, mate ɖe ame kuku ŋu o.
6 Durante todo o período de sua separação para o Senhor, não poderá aproximar-se de um cadáver.
7 Ne eya ŋutɔ fofoa alo dadaa alo nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu gɔ̃ hã ku la, magblẽ kɔ ɖo na eɖokui le wo ta o, elabena eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi le ta dzi nɛ,
7 Mesmo que o seu próprio pai ou mãe ou irmã ou irmão morra, ele não poderá tornar-se impuro por causa deles, pois traz sobre a cabeça o símbolo de sua separação para Deus.
8 eye wokɔ eŋuti na Yehowa to ɣeyiɣi la katã me.
8 Durante todo o período de sua separação, estará consagrado ao Senhor.
9 “ ‘Ne ame aɖe ku le exa la, ame kuku la gblẽ kɔ ɖo nɛ, ekema ako ta le ŋkeke adre megbe. Ekema eŋuti akɔ tso ale si amea nɔ egbɔ hafi ku la ta.
9 "Se alguém morrer repentinamente perto dele, contaminando assim o cabelo que consagrou, ele terá que rapar a cabeça sete dias depois, dia da sua purificação.
10 Le ŋkeke enyilia gbe la, ele be wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla le agbadɔ la ƒe mɔnu.
10 No oitavo dia, trará duas rolinhas ou dois pombinhos ao sacerdote à entrada da Tenda do Encontro.
11 Nunɔla la atsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale wòalé avu le ale si wògblẽ kɔ ɖoe la ta. Agbugbɔ eƒe adzɔgbe la aɖe gbe ma gbe, eye wòana eƒe ɖa nagade asi toto me.
11 O sacerdote oferecerá um como oferta pelo pecado e o outro como holocausto, para fazer propiciação por ele, pois pecou ao se aproximar de um cadáver. Naquele mesmo dia o nazireu reconsagrará a sua cabeça.
12 Ŋkeke siwo wòwɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hafi gblẽ kɔ ɖo la, megale eme o. Ele nɛ be wòagadze eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi wɔwɔ gɔme kple eƒe adzɔgbe yeye la, eye wòana alẽ si xɔ ƒe ɖeka hena eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
12 Ele se dedicará ao Senhor pelo período de sua separação e trará um cordeiro de um ano de idade como oferta de reparação. Não se contarão os dias anteriores porque ficou contaminado durante a sua separação.
13 “ ‘Ne adzɔgbe si wòɖe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga na Yehowa ƒe ɣeyiɣi wu enu la, ele be wòayi agbadɔ la ƒe mɔnu,
13 "Este é o ritual do nazireu quando terminar o período de sua separação: ele será trazido à entrada da Tenda do Encontro.
14 eye wòasa numevɔ na Yehowa kple alẽ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo. Ele be wòagana alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka si de blibo la na ŋutifafavɔsa.
14 Ali apresentará a sua oferta ao Senhor: um cordeiro de um ano e sem defeito como holocausto, uma cordeira de um ano e sem defeito como oferta pelo pecado, um carneiro sem defeito como oferta de comunhão
15 Kpe ɖe esiawo ŋu la, agana abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã kusi ɖeka, akpɔnɔ siwo wowɔ kple wɔ memee si dzi wokɔ ami ɖo, aboŋgo si wowɔ kple wɔ maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo, eye wòagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nu siawo ŋu.
15 juntamente com a sua oferta de cereal, com a oferta derramada e com um cesto de pães sem fermento com bolos feitos da melhor farinha amassada com azeite e pães finos untados com azeite.
16 “ ‘Nunɔla la atsɔ nunana siawo ada ɖe Yehowa ŋkume. Atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ana gbã, emegbe la, wòana numevɔsa la.
16 "O sacerdote os apresentará ao Senhor e oferecerá o sacrifício pelo pecado e o holocausto.
17 Le esiawo megbe la, atsɔ agbo la hena ŋutifafavɔsa na Yehowa kple abolo maʋamaʋã la ƒe kusi, eye wòawu enu kple nuɖuvɔsa la kple nunovɔsa la.
17 Apresentará o cesto de pães sem fermento e oferecerá o cordeiro como sacrifício de comunhão ao Senhor, juntamente com a oferta de cereal e a oferta derramada.
18 “ ‘Azɔ la, adzɔgbeɖela la ako eƒe ɖa ʋluya la, si nye eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi. Awɔ nu sia le agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, woatsɔ ɖa si wòko la ade dzo me le ŋutifafavɔsa la te.
18 "Em seguida, à entrada da Tenda do Encontro, o nazireu rapará o cabelo que consagrou e o jogará no fogo que está embaixo do sacrifício da oferta de comunhão.
19 “ ‘Le takoko na adzɔgbeɖela la megbe la, nunɔla la atsɔ agbo la ƒe abɔ memee, abolo maʋamaʋãwo kple aboŋgo maʋamaʋãwo dometɔ ɖeka, eye wòatsɔ wo katã ade asi na adzɔgbeɖela la.
19 "Depois que o nazireu rapar o cabelo da sua consagração, o sacerdote lhe colocará nas mãos um ombro cozido do carneiro, um bolo e um pão fino tirados do cesto, ambos sem fermento.
20 Nunɔla la anye wo katã le yame, tso afii yi afi mɛ le Yehowa ŋkume abe vɔsa ene. Wonye nunana kɔkɔe na nunɔla la kpe ɖe eƒe axa kple abɔ siwo wònye le yame le Yehowa ŋkume la ŋuti. Le esia megbe la, adzɔgbeɖela la ate ŋu ano wain azɔ, elabena evo tso eƒe adzɔgbeɖeɖe me.
20 O sacerdote os moverá perante o Senhor como gesto ritual de apresentação; são santos e pertencem ao sacerdote, bem como o peito que foi movido e a coxa. Depois disso o nazireu poderá beber vinho.
21 “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe ame si ɖe adzɔgbe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ɣeyiɣi aɖe na Yehowa kple eƒe vɔsawo ne ɣeyiɣi la wu enu la ŋu. Hekpe ɖe vɔsa siawo ŋu la, ele be adzɔgbeɖela la nagana nu bubu siwo ŋugbe wòdo le eƒe adzɔgbeɖeɣi.’ ”
21 "Esse é o ritual do voto de nazireu e da oferta dedicada ao Senhor de acordo com a sua separação, sem contar qualquer outra coisa que ele possa dedicar. Cumprirá o voto que tiver feito de acordo com o ritual do nazireu".
22 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose be,
22 O Senhor disse a Moisés:
23 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be: ‘Ale miayra Israelviwo, agblɔe nye esi:
23 "Diga a Arão e aos seus filhos: Assim vocês abençoarão os israelitas:
24 “ ‘ “Yehowa ayra wò,
24 "O Senhor te abençoe e te guarde;
25 Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò,
25 o Senhor faça resplandecer o seu rosto sobre ti e te conceda graça;
26 Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò,
26 o Senhor volte para ti o seu rosto e te dê paz.
27 “Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israelviwo ŋu, eye mayra wo.”
27 "Assim eles invocarão o meu nome sobre os israelitas, e eu os abençoarei".
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?