Números 3
EWE vs NVI
1 Esiawoe nye Aron kple Mose viwo, le ɣeyiɣi si me Yehowa ƒo nu na Mose le Sinai to la dzi la.
1 Esta é a história da descendência de Arão e de Moisés, quando o Senhor falou com Moisés no monte Sinai.
2 Viŋutsu enee nɔ Aron si. Woawoe nye Nadab, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abihu, Eleaza kple Itamar.
2 Os nomes dos filhos de Arão são Nadabe, o mais velho, Abiú, Eleazar e Itamar.
3 Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.
3 São esses os nomes dos filhos de Arão, que foram ungidos para o sacerdócio e que foram ordenados sacerdotes.
4 Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋkume le Sinai gbedzi esi wowɔ dzo makɔmakɔ ŋu dɔ le vɔsasa na Yehowa me. Esi vi aɖeke menɔ wo si o ta la, Eleazar kple Itamar koe susɔ akpe ɖe wo fofo, Aron ŋuti.
4 Nadabe e Abiú, entretanto, caíram mortos perante o Senhor quando lhe trouxeram uma oferta com fogo profano, no deserto do Sinai. Como não tinham filhos, somente Eleazar e Itamar serviram como sacerdotes durante a vida de Arão, seu pai.
5 Eya ta Yehowa gblɔ na Mose be,
5 O Senhor disse a Moisés:
6 “Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene.
6 "Mande chamar a tribo de Levi e apresente-a ao sacerdote Arão para auxiliá-lo.
7 Woawɔ nu siwo Aron aɖo na wo. Woawɔ dɔ kɔkɔewo le Agbadɔ la me ɖe Israelviwo katã nu,
7 Eles cuidarão das obrigações próprias da Tenda do Encontro, fazendo o serviço do tabernáculo para Arão e para toda a comunidade.
8 Woakpɔ Agbadɔ la me nuwo kple Agbadɔ blibo la dzi
8 Tomarão conta de todos os utensílios da Tenda do Encontro, cumprindo as obrigações dos israelitas no serviço do tabernáculo.
9 elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene.
9 Dedique os levitas a Arão e a seus filhos; eles serão escolhidos entre os israelitas para serem inteiramente dedicados a Arão.
10 Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.”
10 Encarregue Arão e os seus filhos de cuidar do sacerdócio; qualquer pessoa não autorizada que se aproximar do santuário terá que ser executada".
11 Yehowa gblɔ na Mose be,
11 Disse também o Senhor a Moisés:
12 “Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo.
12 "Eu mesmo escolho os levitas dentre os israelitas em lugar do primeiro filho de cada mulher israelita. Os levitas são meus,
13 Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!”
13 pois todos os primogênitos são meus. Quando feri todos os primogênitos no Egito, separei para mim mesmo todo primogênito de Israel, tanto entre os homens como entre os rebanhos. Serão meus. Eu sou o Senhor".
14 Yehowa gblɔ na Mose le Sinai gbegbe la be,
14 E o Senhor disse ainda a Moisés no deserto do Sinai:
15 “Xlẽ Levi ƒe viwo le woƒe ƒomewo kple towo nu. Xlẽ ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.”
15 "Conte os levitas pelas suas famílias e clãs. Serão contados todos os do sexo masculino de um mês de idade para cima".
16 Ale Mose xlẽ wo abe ale si Yehowa ƒe nya ɖo nɛ ene.
16 Então Moisés os contou, conforme a ordem que recebera do Senhor.
17 Levi ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye:
17 São estes os nomes dos filhos de Levi: Gérson, Coate e Merari.
18 Gerson ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu:
18 São estes os nomes dos clãs gersonitas: Libni e Simei.
19 Kohat ƒe viwo nye esiawo le woƒe ƒomewo nu:
19 São estes os nomes dos clãs coatitas: Anrão, Isar, Hebrom e Uziel.
20 Eye Merari ƒe viwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu:
20 E estes são os nomes dos clãs meraritas: Mali e Musi. Foram esses os líderes dos clãs levitas.
21 Gerson hawo nye Libni kple Simei ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Gerson ƒe ƒomeawo.
21 A Gérson pertenciam os clãs dos libnitas e dos simeítas; eram esses os clãs gersonitas.
22 Wotia ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ le wo dome, eye woƒe xexlẽme le ame akpe adre, alafa atɔ̃ (7,500).
22 O número de todos os que foram contados do sexo masculino, de um mês de idade para cima, foi 7. 500.
23 Eye Gerson ƒe ƒome la ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la megbe le ɣedzeƒe gome.
23 Os clãs gersonitas tinham que acampar a oeste, atrás do tabernáculo.
24 Gerson ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Lael ƒe viŋutsu.
24 O líder das famílias dos gersonitas era Eliasafe, filho de Lael.
25 Gerson ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nɔƒe kple agbadɔ la, la gbɔ, egbãnuwo, mɔnuwo kple eŋu vɔ,
25 Na Tenda do Encontro os gersonitas tinham a responsabilidade de cuidar do tabernáculo, da tenda, da sua cobertura, da cortina da entrada da Tenda do Encontro,
26 kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la, vɔsamlekpui la kple ka siwo katã wotsɔ bla agbadɔ la ɖekae kple mɔnuvɔ la dzi.
26 das cortinas externas do pátio, da cortina da entrada do pátio que rodeia o tabernáculo e o altar, das cordas, e de tudo o que estava relacionado com esse serviço.
27 Kohat ƒe ƒomeawoe nye: Amram ƒe viwo, Izhar ƒe viwo, Hebron ƒe viwo kple Uziel ƒe viwo.
27 A Coate pertenciam os clãs dos anramitas, dos isaritas, dos hebronitas e dos uzielitas; eram esses os clãs coatitas.
28 Ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa ade (8,600).
28 O número de todos os do sexo masculino, de um mês de idade para cima, foi 8. 600. Os coatitas tinham a responsabilidade de cuidar do santuário.
29 Kohat ƒe ƒome la naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axadzi le dzigbeme lɔƒo.
29 Os clãs coatitas tinham que acampar no lado sul do tabernáculo.
30 Kohat ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Elizafan, Uziel ƒe viŋutsu.
30 O líder das famílias dos clãs coatitas era Elisafã, filho de Uziel.
31 Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ ene siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti, vɔsamlekpui la ƒe nu vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le agbadɔ la me, xɔmetsovɔ kple nu siwo katã hiã be woadzra ɖo le nu siawo ŋu la dzi.
31 Tinham a responsabilidade de cuidar da arca, da mesa, do candelabro, dos altares, dos utensílios do santuário com os quais ministravam, da cortina e de tudo o que estava relacionado com esse serviço.
32 Eleazar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu anye kplɔlawo katã ƒe tatɔ, eye kɔkɔeƒe la dzi kpɔkpɔ nye eƒe dɔ tɔxɛ.
32 O principal líder dos levitas era Eleazar, filho do sacerdote Arão. Ele tinha a responsabilidade de supervisionar os encarregados de cuidar do santuário.
33 Merari hawo nye: Mahli ƒe viwo ƒe ƒome kple Musi ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Merari ƒe ƒomeawo.
33 A Merari pertenciam os clãs dos malitas e dos musitas; eram esses os clãs meraritas.
34 Wo dome ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve (6,200).
34 O número de todos os que foram contados do sexo masculino, de um mês de idade para cima, foi 6. 200.
35 Merari ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Zuriel, Abihail ƒe viŋutsu;
35 O líder das famílias dos clãs meraritas era Zuriel, filho de Abiail; eles tinham que acampar no lado norte do tabernáculo.
36 Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasie nye woakpɔ ati siwo wotsɔ tu Agbadɔ la, sɔtiwo kple woƒe zɔwo kple nu sia nu si wohiã na wo ŋu dɔ wɔwɔ la dzi,
36 Os meraritas tinham a responsabilidade de cuidar das armações do tabernáculo, de seus travessões, das colunas, das bases, de todos os seus utensílios e de tudo o que estava relacionado com esse serviço,
37 eye woagakpɔ sɔti siwo ƒo xlã xɔxɔnu la, woƒe zɔwo kple tsyotiwo kple kawo dzi.
37 bem como das colunas do pátio ao redor, com suas bases, suas estacas e suas cordas.
38 Wotia teƒe si le agbadɔ la ƒe ɣedzeƒe la da ɖi na Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe agbadɔwo.
38 E acamparam a leste do tabernáculo, em frente da Tenda do Encontro, Moisés, Arão e seus filhos. Tinham a responsabilidade de cuidar do santuário em favor dos israelitas. Qualquer pessoa não autorizada que se aproximasse do santuário teria que ser executado.
39 Ale Levi ƒe viwo katã, siwo Mose kple Aron xlẽ abe ale si Yehowa gblɔ ene, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000).
39 O número total de levitas contados por Moisés e Arão, conforme a ordem do Senhor, segundo os clãs deles, todos os do sexo masculino, de um mês de idade para cima, foi 22. 000.
40 Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la, eye nàŋlɔ wo katã ŋkɔ.
40 E o Senhor disse a Moisés: "Conte todos os primeiros filhos dos israelitas, do sexo masculino, de um mês de idade para cima e faça uma relação de seus nomes.
41 Tsɔ Levi ƒe viwo nam ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo nam ɖe Israelviwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Yehowa.”
41 Dedique a mim os levitas em lugar de todos os primogênitos dos israelitas, e os rebanhos dos levitas, em lugar de todas as primeiras crias dos rebanhos dos israelitas. Eu sou o Senhor".
42 Ale Mose xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene,
42 E Moisés contou todos os primeiros filhos dos israelitas, conforme o Senhor lhe havia ordenado.
43 eye wòkpɔ be viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (22,273).
43 O número total dos primeiros filhos do sexo masculino, de um mês de idade para cima, relacionados pelo nome, foi 22. 273.
44 Yehowa gagblɔ na Mose be,
44 Disse também o Senhor a Moisés:
45 “Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa.
45 "Dedique os levitas em lugar de todos os primogênitos dos israelitas, e os rebanhos dos levitas em lugar dos rebanhos dos israelitas. Os levitas serão meus. Eu sou o Senhor.
46 Be nàƒle Israelviwo ƒe ŋgɔgbevi alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (273), siwo sɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ta la,
46 Para o resgate dos primeiros 273 filhos dos israelitas que excedem o número de levitas,
47 ele be nàxɔ klosaloga gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta, ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu, si ƒe kpekpeme nye gram ewo.
47 recolha sessenta gramas de prata, com base no peso padrão do santuário, que são doze gramas.
48 Tsɔ ga si wona hena Israelvi mamlɛawo ɖeɖe la na Aron kple via ŋutsuwo.”
48 Entregue a Arão e aos seus filhos a prata para o resgate do número excedente de israelitas".
49 Ale Mose xɔ taƒlega ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔ alafa eve, blaadre-vɔ-etɔ̃, ame siwo wotsɔ wosɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ƒe xexlẽme la ta.
49 Assim Moisés recolheu a prata para o resgate daqueles que excederam o número dos levitas.
50 Ga si woxɔ le Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo si la ƒe kpekpeme le klosalo kilogram wuiatɔ̃ kple afã (15.5) le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu
50 Dos primeiros filhos dos israelitas ele recolheu prata no peso de quase dezesseis quilos e meio, com base no peso padrão do santuário.
51 Mose tsɔ taƒlega la na Aron kple via ŋutsuwo abe ale si Yehowa ƒe nya de see nɛ ene.
51 Moisés entregou a Arão e aos filhos dele a prata para o resgate, conforme a ordem que recebera do Senhor.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?