Números 35
EWE vs NTLH
1 Esi Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la to, le Moab gbedzi, le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be,
1 Nas planícies de Moabe, perto do rio Jordão, na altura de Jericó, que ficava no outro lado do rio, o Senhor disse a Moisés o seguinte:
2 “Na Israelviwo natsɔ du tɔxɛ aɖewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene.
2 — Mande que os israelitas, das terras que vão receber, deem aos levitas algumas cidades onde estes possam morar e também terras de pastagens ao redor delas.
3 Woƒe aƒewo anɔ du siawo me, eye anyigba siwo ƒo xlã wo la azu lãnyiƒewo na woƒe nyiwo, alẽwo kple lã bubuawo.
3 Essas cidades serão dos levitas, e eles morarão nelas. As terras ao seu redor serão para o gado, para as ovelhas e as cabras e para os outros animais.
4 “Mina woƒe lãnyiƒewo nakeke mita alafa ene blaatɔ̃ tso duawo ƒe gliwo gbɔ do ɖe afi sia afi.
4 Os pastos ficarão em volta de toda a cidade, numa distância de quatrocentos e cinquenta metros a partir da muralha.
5 Ale miadzidze du la ƒe ɣedzeƒe gome wòakeke mita alafa asiekɛ, dziehe gome mita alafa asiekɛ, ɣetoɖoƒe gome mita alafa asiekɛ kple anyiehe gome mita alafa asiekɛ, eye du la nanɔ titina. Esia anye lãnyiƒe na wo anɔ duawo ŋu.
5 Todo o terreno formará um quadrado de novecentos metros de cada lado, isto é, medirá a mesma coisa a leste e a oeste, ao norte e ao sul. A cidade ficará no meio, e os pastos ficarão em volta.
6 “Mitsɔ Sitsoƒedu adeawo na Levi ƒe viwo. Ne ame aɖe wu ame le nu maɖowɔ me, eye wòƒu du ge ɖe Sitsoƒedu ade siawo kple du blaene-vɔ-eve bubu me la, anɔ dedie.
6 — Deem aos levitas seis cidades para fugitivos. Se um homem, sem querer ou por engano, matar alguém, poderá fugir para uma dessas cidades. Além dessas, vocês darão aos levitas quarenta e duas cidades.
7 Woatsɔ du blaene-vɔ-enyi siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo.
7 Portanto, o total será de quarenta e oito cidades, todas elas com pastos ao seu redor.
8 Du siawo anɔ anyigba la ƒe akpa vovovowo. To siwo lolo, eye du geɖewo le wo si la, woana duawo Levi ƒe viwo wòasɔ gbɔ, ke to suewo ana du ʋɛ aɖewo Levi ƒe viwo.”
8 O número de cidades de levitas em cada tribo será determinado pelo tamanho do seu território, isto é, dos territórios maiores será escolhido um número maior de cidades, e dos territórios menores, menor número de cidades.
9 Yehowa gblɔ na Mose be,
9 O Senhor Deus mandou que Moisés
10 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye mieɖo Kanaanyigba dzi la,
10 dissesse ao povo de Israel o seguinte: — Quando vocês atravessarem o rio Jordão para entrar em Canaã,
11 mitia Sitsoƒeduwo da ɖi, ale be ne ame aɖe do hlɔ̃ le nu maɖowɔ me la, wòasi ayi wo dometɔ ɖeka me.
11 deverão escolher algumas cidades para fugitivos, onde poderá ficar morando qualquer homem que, sem querer ou por engano, tenha matado alguém.
12 Du siawo anye xɔnameteƒewo tso ame kuku la ƒe ƒometɔ siwo adi be yewoabia hlɔ̃ la ƒe asi me. Womawu hlɔ̃dola la o va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔe be eɖi fɔ.
12 Ali ele ficará a salvo do parente da vítima que estiver procurando vingança e não morrerá sem ter sido julgado em público.
13 Du ade siawo si miena la anye miaƒe Sitsoƒeduwo.
13 Escolham seis cidades para fugitivos,
14 Mina du etɔ̃ nanɔ Yɔdan ƒe akpa sia, eye etɔ̃ nanɔ Kanaan abe Sitsoƒeduwo ene.
14 três a leste do rio Jordão e três na terra de Canaã.
15 Du siawo manye sitsoƒewo na Israelviwo ɖeɖe ko o, ke boŋ na amedzrowo kple mɔzɔlawo hã.
15 Essas seis cidades serão de refúgio, tanto para os israelitas como para os estrangeiros que moram com vocês, seja só por algum tempo, seja para sempre. Quem tiver matado alguém sem querer ou por engano poderá ficar refugiado ali.
16 “ ‘Ke ne ame aɖe axlã gakpo aɖe ɖe nɔvia wòaku la, woatsɔe abe hlɔ̃dodo ene, eye woawu hlɔ̃dola la.
16 — ausente —
17 Ne woƒu kpe gã aɖe ame aɖe wòku la, hlɔ̃dodoe; woawu hlɔ̃dola la hã.
17 — ausente —
18 Nenema kee woawɔ ame si atsɔ nu si wowɔ kple ati la aƒo nɔvia wòaku.
18 — ausente —
19 Hlɔ̃biala la nawu hlɔ̃dola la ne edo goe.
19 Quando o parente mais chegado do morto encontrar o assassino, deverá matá-lo.
20 Ale ne ame aɖe le fuléle ta, wòtsɔ nane ƒu nɔvia alo tso mɔ nɛ,
20 — Se um homem empurrar o outro com ódio ou jogar alguma coisa contra ele com má intenção, e ele morrer;
21 alo tu kɔe kple dɔmedzoe wòku la, edo hlɔ̃. Hlɔ̃biala nawu hlɔ̃dola la.
21 ou se um homem esmurrar um inimigo, e este morrer, o culpado será morto, pois é um assassino. Quando o parente mais chegado do falecido encontrar o assassino, deverá matá-lo.
22 “ ‘Gake ne fuléle mele amea me o, ko kasia wòlɔ ame aɖe ƒu anyi alo da nane tamemaɖomaɖotɔe wòdze ame aɖe,
22 — Mas pode acontecer que alguém, sem querer, empurre o companheiro que não era seu inimigo; ou atire, sem má intenção, alguma coisa contra ele.
23 alo ne mekpɔe o, eye wòƒu kpe si ate ŋu awui, eye wòku la, ekema zi ale si menye futɔ na amea o, eye meɖo be yeawɔ nuvevie o hafi ta la,
23 Pode acontecer também que alguém, sem ver, atire uma pedra que venha a cair em cima de alguém e cause a sua morte. Porém os dois não eram inimigos, e quem matou não fez isso de propósito.
24 woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔ be nyadzɔɖeamedzi koe loo alo ɖe yewoaɖe asi le hlɔ̃dola la ŋu na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala mahã.
24 Nesses casos o povo julgará a favor do que matou sem querer e não a favor do homem que era responsável por vingar a morte do seu parente.
25 Ne wotso nya me be nyadzɔɖeamedzi koe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo axɔ na hlɔ̃dola la tso hlɔ̃biala la ƒe asi me. Woaɖe mɔ na hlɔ̃dola la wòanɔ Sitsoƒedu la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã la naku.
25 O povo deverá proteger o homem que matou sem querer, não deixando que ele seja morto pelo parente do homem que morreu. O povo o fará voltar à cidade de refúgio para onde havia fugido, e ali o assassino ficará até a morte do Grande Sacerdote , que foi ungido com azeite sagrado.
26 “ ‘Ne hlɔ̃dola la do go le sitsoƒedu la me,
26 Mas, se em qualquer tempo o homem que matou alguém sair da cidade de refúgio para onde havia fugido,
27 eye hlɔ̃biala la kpɔe le du la godo hewui la, ekema hlɔ̃biala la medo hlɔ̃ o,
27 e o responsável por vingar a morte do seu parente o encontrar, ele poderá matá-lo e não será culpado por essa morte.
28 elabena ɖe wòle be hlɔ̃dola la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime nunɔlagã la naku hafi. Ke le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, hlɔ̃dola la ate ŋu atrɔ ayi wo de.
28 O homem que matou alguém deverá ficar na sua cidade de refúgio até a morte do Grande Sacerdote, mas depois poderá voltar para a sua casa.
29 “ ‘Esiawoe nye se siwo dzi Israelviwo katã nawɔ tso dzidzime yi dzidzime.
29 Essas ordens serão uma lei para vocês e os seus descendentes, em todos os lugares onde vocês morarem.
30 “ ‘Ele be woawu hlɔ̃dolawo katã, gake ele be ɖasefowo nasɔ gbɔ wu ɖeka. Womawu hlɔ̃dola aɖeke si ŋu ɖasefo ɖeka pɛ ko ɖi ɖase le o.
30 — Quem matar uma pessoa será condenado à morte, conforme o que duas ou mais testemunhas disserem; uma testemunha só não basta para condenar alguém à morte.
31 “ ‘Ne wodrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe, tso nya me be ewu ame la, ekema ele be woawui kokoko. Womaxe alo axɔ naneke ɖe eƒe agbe ta o.
31 A vida de um criminoso condenado à morte não pode ser comprada com dinheiro. Ele será morto.
32 “ ‘Nenema ke womaxɔ naneke le hlɔ̃dola si yi sitsoƒedu aɖe me la si, aɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de hafi nunɔlagã la naku o.
32 Também não aceitem dinheiro para libertar aquele que tiver fugido para uma cidade de refúgio e que quiser voltar para a sua terra antes da morte do Grande Sacerdote.
33 “ ‘Ale womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la o, elabena hlɔ̃dodo gblẽa kɔ ɖo na anyigba la. Gawu la, nu si woate ŋu atsɔ alé avu ɖe hlɔ̃dodo ta koe nye hlɔ̃dola la wuwu.
33 Portanto, não profanem com crimes de sangue a terra onde vocês vivem, pois os assassinatos profanam o país. E a única maneira de se fazer a cerimônia de purificação da terra onde alguém foi morto é pela morte do assassino.
34 Migado ŋunyɔ anyigba si dzi nɔ ge miala la o, elabena nye, Yehowa, mele afi ma nɔ ge.’ ”
34 Não tornem impura a terra onde vocês vão morar, pois eu também estou no meio dela. Eu, o Senhor , vivo no meio dos israelitas.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?