Números 31

EWE vs NTLH

Sair da comparação
NTLH Nova Tradução na Linguagem de Hoje 2000
1 Yehowa gblɔ na Mose be,
1 O Senhor Deus disse a Moisés:
2 “Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le ale si wokplɔ mi de trɔ̃subɔsubɔ me la ta. Le esia megbe la, àku.”
2 — Mande que os israelitas se vinguem do mal que os midianitas lhes fizeram. Depois disso você vai morrer.
3 Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa.
3 Então Moisés disse ao povo: — Preparem homens para a batalha, ataquem os midianitas e se vinguem deles pelo que fizeram contra Deus, o
4 Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.”
4 Cada tribo deve mandar mil soldados para esta guerra.
5 Ale ŋutsu akpe wuieve (12,000) bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me.
5 Assim, dos milhares de israelitas foram mandados de cada tribo mil soldados armados, doze mil ao todo.
6 Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsue nye woƒe aʋakplɔla. Nubablaɖaka la yi kpli wo le esime kpẽwo nɔ ɖiɖim.
6 Moisés mandou esses soldados para a batalha, debaixo do comando de Fineias, filho do sacerdote Eleazar, que levou também os objetos sagrados e as cornetas para dar os sinais.
7 Wowu Midian ŋutsu ɖe sia ɖe le aʋa la me.
7 Eles atacaram os midianitas, como o Senhor havia ordenado a Moisés, e mataram todos os homens.
8 Wowu Midian fia atɔ̃awo katã, Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. Wowu Balaam, Beor ƒe viŋutsu la hã.
8 Entre os mortos estavam Evi, Requém, Zur, Hur e Reba, os cinco reis midianitas. Também mataram à espada Balaão, filho de Beor.
9 Israelviwo ƒe aʋakɔ la ɖe aboyo Midiantɔwo ƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo katã, eye woha woƒe lãwo kple woƒe kesinɔnu geɖewo.
9 Os israelitas levaram presas as mulheres e as crianças dos midianitas. Pegaram também as suas ovelhas e cabras, o seu gado e todos os seus bens.
10 Wotɔ dzo Midiantɔwo ƒe duwo kple kɔƒewo katã,
10 Incendiaram todas as cidades onde os midianitas moravam e queimaram todos os acampamentos.
11 woɖe aboyo amewo, eye woha woƒe lãwo katã.
11 Eles pegaram o que haviam tomado dos midianitas e também os prisioneiros e os animais
12 Wotsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo katã vɛ na Mose kple nunɔla Eleazar kple Israelvi bubu siwo nɔ asaɖa la me le Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to, le Yeriko kasa.
12 e levaram tudo a Moisés, ao sacerdote Eleazar e ao povo de Israel, que estavam acampados nas planícies de Moabe, perto do rio Jordão, na altura de Jericó, que ficava no outro lado do rio.
13 Mose kple nunɔla Eleazar kple ameawo ƒe kplɔla bubuawo katã do go yi ɖakpe aʋakɔ la,
13 Moisés, o sacerdote Eleazar e todas as autoridades do povo saíram do acampamento e foram ao encontro do exército.
14 ke Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔlawo kple aʋalɔgonunɔlawo ŋu.
14 Moisés ficou muito zangado com os oficiais que haviam voltado da batalha, isto é, os comandantes dos batalhões e das companhias.
15 Ebia wo be, “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe?
15 Moisés perguntou: — Por que vocês deixaram vivas todas as mulheres?
16 Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ.
16 Lembrem que foram as mulheres que, seguindo os conselhos de Balaão, fizeram com que os israelitas fossem infiéis a Deus, o Senhor , adorando o deus Baal-Peor. Foi por isso que houve uma epidemia no meio do povo de Deus.
17 Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa!
17 Agora matem todos os meninos e todas as mulheres que não forem virgens.
18 Mina nyɔnuvi suewo ya nanɔ agbe, eye woazu mia tɔ.
18 Mas deixem viver todas as meninas e as moças que forem virgens; elas pertencem a vocês.
19 “Azɔ la, mi ame siwo katã wu ame aɖe alo ka asi ame kuku aɖe ŋu la, minɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Mikɔ mia ɖokuiwo kple nyɔnuvi sueawo ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe.
19 Agora todos os que tiverem matado alguém ou que tiverem tocado em algum morto devem ficar fora do acampamento sete dias. No terceiro dia e no sétimo, vocês e as prisioneiras devem se purificar .
20 Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.”
20 Purifiquem também todas as roupas, todos os objetos feitos de couro, tudo o que é feito de pelos de cabra e tudo o que é feito de madeira.
21 Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose
21 Então o sacerdote Eleazar disse aos homens que tinham voltado da batalha: — A
22 ‘Nu sia nu si ate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu abe sika, klosalo, akɔbli, gaɣi alo tsumi ene la,
22 — ausente —
23 woade wo dzo me ale be woakɔ wo ŋu. Emegbe la, woagakɔ wo ŋu kple tsi kɔkɔe. Ke woatsɔ tsi kɔkɔe ko akɔ nu siwo mate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu o la ŋuti.’
23 — ausente —
24 Le ŋkeke adrelia gbe la, mianya miaƒe awuwo, eye mia ŋuti akɔ ekema miagatrɔ ava asaɖa la me.”
24 No sétimo dia, para se purificarem, vocês deverão lavar as roupas que estiverem vestindo. Depois disso vocês poderão entrar no acampamento.
25 Yehowa gblɔ na Mose be,
25 O Senhor Deus disse a Moisés:
26 “Wò kple nunɔla Eleazar kple ƒomeawo ƒe tatɔ siwo le dukɔa me la miaxlẽ amewo kple lã siwo katã wolé le aʋa.
26 — Você, com a ajuda do sacerdote Eleazar e das autoridades do povo, faça uma lista de tudo o que foi tomado na batalha, incluindo as pessoas e os animais.
27 Le esia megbe la, miama afunyinuawo ɖe asrafo siwo de aʋa kple ameha mamlɛawo dome.
27 Divida em duas partes iguais o que foi tomado: uma parte para os soldados e a outra para o resto do povo.
28 Mixɔ nu sia nu si asrafoawo xɔ la ƒe ɖeka le alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe me abe nunana ene na Yehowa, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo loo alo gbɔ̃wo o.
28 Da parte que pertence aos soldados que estiveram na batalha, separe um imposto para Deus, o Senhor : uma pessoa de cada quinhentas e a mesma coisa quanto aos bois, jumentos, ovelhas e cabras.
29 Mixɔ nunana sia ƒe afã le wo si, eye miatsɔe na nunɔla Eleazar abe Yehowa ƒe gome ene.
29 Pegue esse imposto e entregue ao sacerdote Eleazar, como oferta ao Senhor .
30 Tso nu siwo ke Israelviwo xɔ ƒe afã me la, tia ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe me, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo, gbɔ̃wo loo alo lã bubuwo o. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo, ame siwo kpɔa Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe nyawo gbɔ.”
30 Da parte que pertence ao povo, pegue um de cada cinquenta, tanto de pessoas como de bois, de jumentos, de ovelhas, de cabras e de qualquer outro animal, e dê aos levitas , que cuidam da Tenda do Senhor .
31 Ale Mose kple nunɔla Eleazar wowɔ se siwo Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.
31 Moisés e Eleazar fizeram o que o Senhor havia ordenado.
32 Aʋadelawo tsɔ sikanu kple awu siwo woha la na wo ɖokui. Nu bubu siwo woha la woe nye alẽ akpe alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675,000),
32 — ausente —
33 nyi akpe blaadre-vɔ-eve (72,000),
33 — ausente —
34 tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ (61,000) kple
34 — ausente —
35 nyɔnuvi akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000).
35 — ausente —
36 Nu siawo ƒe afã, si wotsɔ na aʋadelawoe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃,
36 — ausente —
37 wotsɔ wo dome alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675) na Yehowa;
37 — ausente —
38 nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), wotsɔ wo dome blaadre-vɔ-eve na Yehowa,
38 — ausente —
39 tedzi akpe blaetɔ̃, alafa atɔ (30,500), wotsɔ wo dome blaade-vɔ-ɖekɛ na Yehowa;
39 — ausente —
40 nyɔnuvi akpe wuiade (16,000), wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo.
40 — ausente —
41 Wotsɔ nu siwo katã nye Yehowa tɔ la na nunɔla Eleazar, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
41 Assim, Moisés deu a Eleazar o imposto como uma oferta especial a Deus, o Senhor , como o Senhor havia ordenado.
42 Mose tsɔ nu siwo woha le aʋa me la ƒe afã na Israelviwo eye afã bubu na aʋadelawo.
42 — ausente —
43 Afã mamlɛa, si wotsɔ na Israelviwo la yi ale: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre, alafa atɔ̃ (337,500),
43 — ausente —
44 nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000),
44 — ausente —
45 tedzi akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃ (30,500) kple
45 — ausente —
46 nyɔnuvi akpe wuiade (16,000).
46 — ausente —
47 Le Yehowa ƒe ɖoɖowo nu la, Mose tsɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe blaatɔ̃lia ƒe ɖeka le Israelviwo tɔ ŋu hena Levi ƒe viwo, ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe agbadɔ la me.
47 Como o Senhor havia ordenado, dessa metade que pertencia ao povo, Moisés pegou um de cada cinquenta, tanto de pessoas como de animais, e deu aos levitas, que cuidavam da Tenda Sagrada.
48 Aʋakplɔla siwo le aʋalɔgowo nu, esiwo le ŋutsu akpewo nu kple esiwo le ŋutsu alafawo nu la yi Mose gbɔ,
48 Os oficiais do exército, isto é, os comandantes dos batalhões e das companhias, foram falar com Moisés
49 eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o.
49 e disseram: — Contamos os soldados que estão debaixo do nosso comando, e não está faltando nenhum.
50 Eya ta míetsɔ akpedavɔsa tɔxɛ vɛ na Yehowa tso nu siwo míeha la me, woawoe nye sika, alɔnugɛwo, afɔgɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔsɔkɔsɔwo. Míetsɔ nu siawo hena avuléle le Yehowa ŋkume ɖe míaƒe luʋɔwo ta.”
50 Assim trouxemos o que cada um pegou: objetos de ouro, correntinhas, pulseiras, anéis, brincos e colares. Nós os oferecemos a Deus, o Senhor , como pagamento pela nossa vida, para que ele nos proteja.
51 Mose kple nunɔla Eleazar woxɔ sika kple aɖaŋunuwɔwɔwo le wo si.
51 Moisés e o sacerdote Eleazar receberam todas essas joias de ouro.
52 Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ (190).
52 O peso total do ouro que foi separado e oferecido a Deus, o Senhor , pelos oficiais foi de cento e noventa e um quilos.
53 Asrafoawo tsɔ nu siawo ƒe ɖe na wo ɖokuiwo xoxo.
53 Os que não eram oficiais ficaram com as coisas que tiraram dos inimigos.
54 Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene.
54 Assim, Moisés e o sacerdote Eleazar receberam o ouro dos oficiais e o levaram para a Tenda Sagrada a fim de que o Senhor protegesse o povo de Israel.

Ler em outra tradução

Comparar com outra