Números 2

EWE vs NVI

Sair da comparação
NVI Nova Versão Internacional
1 Yehowa gade se bubuwo na Mose kple Aron be,
1 O Senhor disse a Moisés e a Arão:
2 “Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.”
2 "Os israelitas acamparão ao redor da Tenda do Encontro, a certa distância, cada homem junto à sua bandeira com os emblemas da sua família".
3 Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome.
3 A leste, os exércitos de Judá acamparão junto à sua bandeira. O líder de Judá será Naassom, filho de Aminadabe.
4 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600).
4 Seu exército é de 74. 600 homens.
5 Isaka ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaka ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu,
5 A tribo de Issacar acampará ao lado de Judá. O líder de Issacar será Natanael, filho de Zuar.
6 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400).
6 Seu exército é de 54. 400 homens.
7 Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu,
7 A tribo de Zebulom virá em seguida. O líder de Zebulom será Eliabe, filho de Helom.
8 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400).
8 Seu exército é de 57. 400 homens.
9 Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene (186,400). Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu.
9 O número total dos homens recenseados do acampamento de Judá, de acordo com os seus exércitos, foi 186. 400. Esses marcharão primeiro.
10 Ruben ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le dziehe gome.
10 Ao sul estarão os exércitos do acampamento de Rúben, junto à sua bandeira. O líder de Rúben será Elizur, filho de Sedeur.
11 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500).
11 Seu exército é de 46. 500 homens.
12 Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu,
12 A tribo de Simeão acampará ao lado de Rúben. O líder de Simeão será Selumiel, filho de Zurisadai.
13 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300).
13 Seu exército é de 59. 300 homens.
14 Eye Gad ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu,
14 A tribo de Gade virá em seguida. O líder de Gade será Eliasafe, filho de Deuel.
15 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃ (45,650).
15 Seu exército é de 45. 650 homens.
16 Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃ (151,450). Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi.
16 O número total dos homens recenseados do acampamento de Rúben, de acordo com os seus exércitos, foi 151. 450. Esses marcharão em segundo lugar.
17 Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
17 Em seguida os levitas marcharão levando a Tenda do Encontro no meio dos outros acampamentos, na mesma ordem em que acamparem, cada um em seu próprio lugar, junto à sua bandeira.
18 Efraim ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣetoɖoƒe gome.
18 A oeste estarão os exércitos do acampamento de Efraim, junto à sua bandeira. O líder de Efraim será Elisama, filho de Amiúde.
19 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene alafa atɔ̃ (40,500).
19 Seu exército é de 40. 500 homens.
20 Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu,
20 A tribo de Manassés acampará ao lado de Efraim. O líder de Manassés será Gamaliel, filho de Pedazur.
21 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200).
21 Seu exército é de 32. 200 homens.
22 Eye Benyamin ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu,
22 A tribo de Benjamim virá em seguida. O líder de Benjamim será Abidã, filho de Gideoni.
23 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, alafa ene (35,400).
23 Seu exército é de 35. 400 homens.
24 Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka (108,100). Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho.
24 O número total dos homens recenseados do acampamento de Efraim, de acordo com os seus exércitos, foi 108. 100. Esses marcharão em terceiro lugar.
25 Dan ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le anyiehe lɔƒo.
25 Ao norte estarão os exércitos do acampamento de Dã, junto à sua bandeira. O líder de Dã será Aieser, filho de Amisadai.
26 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade-vɔ-eve, alafa adre (62,700).
26 Seu exército é de 62. 700 homens.
27 Aser ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Dan ƒe viwo xa. Aser ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu,
27 A tribo de Aser acampará ao lado de Dã. O líder de Aser será Pagiel, filho de Ocrã.
28 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500).
28 Seu exército é de 41. 500 homens.
29 Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu,
29 A tribo de Naftali virá em seguida. O líder de Naftali será Aira, filho de Enã.
30 ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400).
30 Seu exército é de 53. 400 homens.
31 Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade (157,600). Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu.
31 O número total dos homens recenseados do acampamento de Dã, de acordo com os seus exércitos, foi 157. 600. Estes marcharão por último, junto às suas bandeiras.
32 Esiawoe nye ame siwo wotia, xlẽ le Israelviwo dome le woƒe aƒewo nu. Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa vovovoawo me la ƒe ƒuƒoƒo le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550).
32 Foram esses os israelitas contados de acordo com as suas famílias. O número total dos que foram contados nos acampamentos, de acordo com os seus exércitos, foi 603. 550.
33 Ke wometia Levi ƒe viwo xlẽ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu o, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
33 Os levitas, contudo, não foram contados com os outros israelitas, conforme o Senhor tinha ordenado a Moisés.
34 Eye Israelviwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Ale si woƒu asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, ame sia ame kple eƒe ƒome le woƒe aƒewo nu.
34 Assim os israelitas fizeram tudo o que o Senhor tinha ordenado a Moisés; eles acampavam junto às suas bandeiras e depois partiam, cada um com o seu clã e com a sua família.

Ler em outra tradução

Comparar com outra