Números 1
EWE vs NVT
1 Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be,
1 No primeiro dia do segundo mês, no segundo ano desde a saída dos israelitas do Egito, o S enhor falou a Moisés na tenda do encontro, no deserto do Sinai, e disse:
2 “Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu.
2 “Realize um censo de toda a comunidade de Israel, de acordo com seus clãs e famílias. Faça uma lista de todos os homens
3 Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo.
3 de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra. Você e Arão registrarão os soldados
4 Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò.
4 com a ajuda do chefe dos clãs de cada uma das tribos.
5 “Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye:
5 “Estes são os chefes dos clãs que os ajudarão, conforme suas tribos: da tribo de Rúben, Elizur, filho de Sedeur;
6 Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me.
6 da tribo de Simeão, Selumiel, filho de Zurisadai;
7 Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me.
7 da tribo de Judá, Naassom, filho de Aminadabe;
8 Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me.
8 da tribo de Issacar, Natanael, filho de Zuar;
9 Eliab, Helon ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me.
9 da tribo de Zebulom, Eliabe, filho de Helom;
10 Yosef ƒe viwo tɔwoe nye:
10 da tribo de Efraim, filho de José, Elisama, filho de Amiúde; da tribo de Manassés, filho de José, Gamaliel, filho de Pedazur;
11 Abidan, Gideon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me,
11 da tribo de Benjamim, Abidã, filho de Gideoni;
12 Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me,
12 da tribo de Dã, Aieser, filho de Amisadai;
13 Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me,
13 da tribo de Aser, Pagiel, filho de Ocrã;
14 Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me,
14 da tribo de Gade, Eliasafe, filho de Deuel;
15 Ahira, Enan ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.”
15 da tribo de Naftali, Aira, filho de Enã.
16 Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo.
16 Esses são os representantes escolhidos da comunidade, líderes das tribos de seus antepassados, chefes dos clãs de Israel”.
17 Le gbe ma gbe ke la, Mose kple Aron kple ŋutsu wuieve siwo wotia la
17 Assim, Moisés e Arão convocaram os líderes nomeados
18 yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu le dzinu evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woŋlɔ ameawo katã ƒe ŋkɔ ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Woŋlɔ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la ƒe ŋkɔwo, eye woxlẽ wo
18 e, naquele mesmo dia, reuniram toda a comunidade. Todos foram registrados conforme sua linhagem, de acordo com seus clãs e famílias. Os homens de 20 anos para cima foram registrados um a um,
19 abe ale si Yehowa de se ene. Mose wɔ ŋkɔŋɔŋlɔ sia le Sinai gbegbe.
19 como o S enhor tinha ordenado a Moisés. Desse modo, Moisés registrou seus nomes enquanto estavam no deserto do Sinai, na seguinte ordem:
20 Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu.
20 Da tribo de Rúben, o filho mais velho de Jacó, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
21 Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500).
21 totalizaram 46.500. Esse é o número da tribo de Rúben.
22 Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu.
22 Da tribo de Simeão, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
23 Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300).
23 totalizaram 59.300. Esse é o número da tribo de Simeão.
24 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple woƒe aƒewo nu.
24 Da tribo de Gade, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
25 Ame siwo wotia, xlẽ le Gad ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ (45,650), alafa ade blaatɔ̃.
25 totalizaram 45.650. Esse é o número da tribo de Gade.
26 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
26 Da tribo de Judá, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
27 Ame siwo wotia, xlẽ le Yuda ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600).
27 totalizaram 74.600. Esse é o número da tribo de Judá.
28 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Isaka ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
28 Da tribo de Issacar, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
29 Ame siwo wotia, xlẽ le Isaka ƒe to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400).
29 totalizaram 54.400. Esse é o número da tribo de Issacar.
30 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
30 Da tribo de Zebulom, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
31 Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400).
31 totalizaram 57.400. Esse é o número da tribo de Zebulom.
32 Yosef ƒe viwo tɔe nye esi:
32 Da tribo de Efraim, filho de José, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
33 Ame siwo wotia, xlẽ le Efraim ƒe to la me le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500).
33 totalizaram 40.500. Esse é o número da tribo de Efraim.
34 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
34 Da tribo de Manassés, filho de José, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
35 Ame siwo wotia, xlẽ le Manase ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200).
35 totalizaram 32.200. Esse é o número da tribo de Manassés.
36 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
36 Da tribo de Benjamim, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
37 Ame siwo wotia, xlẽ le Benyamin ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene (35,400).
37 totalizaram 35.400. Esse é o número da tribo de Benjamim.
38 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
38 Da tribo de Dã, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
39 Ame siwo wotia, xlẽ le Dan ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-eve, alafa adre (62,700).
39 totalizaram 62.700. Esse é o número da tribo de Dã.
40 Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
40 Da tribo de Aser, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
41 Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500).
41 totalizaram 41.500. Esse é o número da tribo de Aser.
42 Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu.
42 Da tribo de Naftali, os homens de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, conforme os nomes anotados nos registros de seus clãs e famílias,
43 Ame siwo wotia, xlẽ le Naftali to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ alafa ene (53,400).
43 totalizaram 53.400. Esse é o número da tribo de Naftali.
44 Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka
44 Moisés, Arão e os doze líderes de Israel registraram esses homens, todos incluídos na lista de acordo com suas famílias.
45 Eye wotia Israelviwo katã xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Israel.
45 Todos os homens de Israel de 20 anos para cima, aptos para irem à guerra, foram registrados de acordo com suas famílias.
46 Ame siwo katã wotia, xlẽ la le ame akpe alafa ade vɔ etɔ̃, alafa atɔ̃, blaatɔ̃ (603,550).
46 No total, 603.550 homens.
47 Ke womexlẽ Levi ƒe viwo ƒe ƒomewo kple aƒewo kpe ɖe wo ŋuti o.
47 Esse total, porém, não incluía os clãs dos levitas,
48 Elabena Yehowa gblɔ na Mose be,
48 pois o S enhor tinha dito a Moisés:
49 “Ɖe Levi ƒe viwo katã ɖa le amexexlẽ sia me, eye mègabu wo kpe ɖe Israelvi bubuwo ƒe xexlẽme ŋu o,
49 “Não inclua a tribo de Levi no censo e não conte seus membros com o restante dos israelitas.
50 elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ,
50 Encarregue os levitas de cuidarem do tabernáculo da aliança e de toda a sua mobília e todos os seus utensílios. Eles transportarão o tabernáculo e todos os seus utensílios, cuidarão dele e acamparão ao seu redor.
51 eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku.
51 Sempre que o tabernáculo tiver de ser transportado, os levitas o desmontarão. Na hora de acampar, eles o armarão novamente. Qualquer pessoa não autorizada que se aproximar do tabernáculo será executada.
52 Israelviwo ƒe to vovovoawo aƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo, ɖe sia ɖe kple eƒe aflaga tɔxɛ
52 Os israelitas acamparão de acordo com suas divisões numa área designada por sua bandeira.
53 Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.”
53 Os levitas, por sua vez, acamparão ao redor do tabernáculo da aliança para proteger a comunidade de Israel da ira do S enhor . É responsabilidade dos levitas montar guarda ao redor do tabernáculo da aliança”.
54 Ale Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ.
54 Os israelitas fizeram exatamente conforme o S enhor havia ordenado a Moisés.
Atalhos do teclado
- Capítulo anterior←
- Próximo capítulo→
- Versículo anteriork
- Próximo versículoj
- Limpar seleçãoEsc
- Esta ajuda?