1 O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi,
2 Wotsɔ míaƒe domenyinu,
3 Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo
4 Ɖe míedzea tsi hafi nona
5 Ame siwo ti mía yome la gogo,
6 Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte
7 Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o
8 Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi
9 Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna,
10 Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene
11 Wogblẽ Zion nyɔnuwo
12 Wobla dumegãwo tsɔ ku ati
13 Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii,
14 Ame tsitsiwo vɔ le agbonu
15 Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me
16 Fiakuku ge le ta na mí.
17 Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam,
18 Elabena Zion to tsi ƒuƒlu
19 O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee,
20 Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi?
21 O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu
22 Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ,