1 Ale Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàƒle alidziblanu si wowɔ kple aklala biɖibiɖi, eye nàtsɔe abla wò ali dzi. Ke mègana wòade tsi me o.”
2 Ale meƒle alidziblanu la abe ale si Yehowa gblɔ nam ene, eye metsɔe bla nye ali dzi.
3 Tete Yehowa ƒe nya va nam zi evelia be,
4 “Tsɔ alidziblanu si nèƒle tsɔ bla ali dzi la, nàyi ɖe Frat azɔ eye nàɣlae ɖe kpetome le afi ma.”
5 Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat abe ale si Yehowa gblɔ nam ene.
6 Le ŋkeke geɖewo megbe la, Yehowa gblɔ nam be, “Yi ɖe Frat azɔ nàɖatsɔ alidziblanu si megblɔ na wò be nàɣla ɖe afi ma.”
7 Ale meyi ɖe Frat ɖaku alidziblanu la le teƒe si meɣlae ɖo. Ke azɔ la mekpɔ be enyunyɔ eye ŋudɔwɔnu aɖeke megale eŋu o.
8 Yehowa ƒe gbe va nam be,
9 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Alea kee magblẽ Yuda ƒe dada kple Yerusalem ƒe dada gã la mee.
10 Ame vɔ̃ɖi siawo, esi wogbe nye gbe sese hedze woƒe dziwo ƒe aglãdzedze yome eye woti mawu bubuwo yome be yewoasubɔ wo, ade ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia si ŋu wɔna aɖeke megale o la ene.’
11 Yehowa be, ‘Elabena, abe ale si alidziblanu nɔa ali dzii na ŋutsu ene la, nenema mebla Israel ƒe aƒe la katã kple Yuda ƒe aƒe la katãe ɖe ɖokuinye ŋu be woanye nye dukɔ, nye bubu, nye kafukafu kple nye atsyɔ̃ gake wogbe toɖoɖo.’
12 “Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la,
13 ekema gblɔ na wo be, aleae Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ ahamumu ayɔ ame siwo katã le anyigba la dzi mee fũu, fia siwo nɔ David ƒe fiazikpui dzi la hã anɔ eme hekpe ɖe nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le Yerusalem ŋuti.
14 Yehowa be, matsɔ wo axlã ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa, nyemana be nublanuikpɔkpɔ, amenuveve alo dɔmetɔtrɔ nawɔe be magbe wo tsɔtsrɔ̃ o.’ ”
15 Misee, miƒu to anyi,
16 Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa,
17 Ke ne mieɖo to o la,
18 Gblɔ na fia la kple fiasrɔ̃ la be,
19 Woatu du siwo le gbegbe la ƒe agbowo
20 Mifɔ mo dzi ne miakpɔ
21 Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be
22 Ne èbia ɖokuiwò be,
23 Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ
24 Yehowa be, “Makaka mi ahlẽ
25 Esiae nye tɔwò kple wò gomekpɔkpɔ
26 Maɖe avɔ le ŋuwò atsɔ atsyɔ mo na
27 wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo