1 Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume.
2 Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta.
3 Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe.
4 Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui.
5 Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi.
6 Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be,
7 Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu
8 Gake gbɔgbɔ si le ame me,
9 Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o
10 “Eya ta megblɔ be, Miɖo tom,
11 Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom,
12 Meɖo to mi nyuie
13 Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o,
14 Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o
15 “Woƒe mo wɔ yaa,
16 Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe
17 Nye hã magblɔ tɔnye sinua;
18 elabena nya le asinye fũu,
19 Elabena le menye la,
20 Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe,
21 Nyemade ame aɖeke dzi
22 elabena ne mebi le amefuflu me la,