1 Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be,
2 “Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ,
3 zi ale si agbe le menye,
4 nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o
5 Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o
6 Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa
7 “Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene
8 Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa
9 Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo,
10 Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua?
11 “Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti
12 Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã.
13 “Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo
14 Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la,
15 Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ
16 Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene,
17 ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe
18 Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui
19 Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene
20 Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene
21 Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo,
22 Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe,
23 Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe