1 Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be,
2 “Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo
3 Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya
4 Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃
5 Wò nu vɔ̃e ƒoe
6 Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o,
7 “Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa?
8 Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa?
9 Nu ka nènya si míawo ya míenya o?
10 Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi,
11 Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la,
12 Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe,
13 ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu
14 “Nu kae nye amegbetɔ be,
15 Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o
16 aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi,
17 “Ɖo tom ne maɖe nu me na wò;
18 nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe
19 ame siwo ko wotsɔ anyigba la na,
20 Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le
21 Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu
22 Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o
23 Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene
24 Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ
25 Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu
26 helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe
27 “Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ
28 anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me,
29 Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi
30 Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ
31 Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o
32 Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ
33 Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene
34 Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o
35 Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi