1 Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba!
2 Nye nyawo adza ɖe mia dzi
3 Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye
4 Eyae nye Agakpe la.
5 Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae.
6 Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua?
7 Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi!
8 Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome
9 Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o,
10 Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo
11 Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi
12 Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm
13 Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ
14 Ena notsi kple lãe
15 Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo,
16 Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta;
17 Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o
18 Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu
19 Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le;
20 Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi
21 Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ,
22 Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe
23 “Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi
24 Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔ
25 Futɔwo ƒe yiwo le dua godo,
26 Maka eƒe amewo ahlẽ
27 Ke mebu eŋu hekpɔ be,
28 Israel nye abunɛdukɔ aɖe
29 O! Nunyalawo woanye hafi
30 Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ
31 Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe
32 Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo
33 Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwo
34 Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ;
35 Tɔnyee nye hlɔ̃biabia.
36 Yehowa axɔ na eƒe dukɔ,
37 Ekema Mawu abia be,
38 Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na
39 Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa?
40 Zi ale si wònye nyee
41 be manyre nye yi dadzo la,
42 Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu
43 Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo,
44 Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo.
45 Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la,
46 egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo.
47 Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.”
48 Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be,
49 “Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa.
50 Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene,
51 esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta.
52 Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.”