1 Crônicas 7

EWE

1 Isaka ƒe viŋutsuwoe nye:

2 Tola ƒe viwoe nye:

3 Izrahia nye Uzi ƒe vi.

4 Le David ŋɔli la, aʋawɔla siwo nɔ woƒe dzidzimeviwo dome la de ame akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000). Srɔ̃wo kple viwo sɔ gbɔ le wo ame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe si.

5 Aʋawɔla siwo nɔ Isaka ƒe viwo dome la nye ame akpe blaenyi-vɔ-adre (87,000), wode dzesi wo ɖe dzidzimegbalẽ la me.

6 Benyamin ƒe viŋutsu etɔ̃awoe nye:

7 Bela ƒe viŋutsuwoe nye:

8 Beker ƒe viwoe nye:

9 Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla sesẽ akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve (20,200) nɔ woƒe dzidzimeviwo dome eye woƒe kplɔlawo nye woƒe ƒometatɔwo.

10 Yediael ƒe vie nye:

11 Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve (17,200) le Fia David ŋɔli.

12 Ir ƒe viwoe nye Supitɔwo kple Hupitɔwo. Husim nye Aher ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.

13 Naftali ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yakob ƒe vi siwo Yakob srɔ̃ Bilha dzi me la woe nye:

14 Manase ƒe vi siwo srɔ̃a si nye Arameatɔ dzi nɛ la,

15 Makir nye ame si di srɔ̃wo na Hupim kple Supim. Makir nɔvinyɔnu nye Maaka. Makir ƒe vi bubue nye Zelofehad, ame si si vinyɔnuwo ɖeɖe ko nɔ.

16 Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem.

17 Ulam dzi Bedan.

18 Hamoleket, Makir nɔvinyɔnu dzi Ishod, Abiezer kple Mahla.

19 Semida ƒe viwoe nye:

20 Efraim ƒe vidzimeviwoe nye:

21 ame si dzi Zabad

22 Wo fofo Efraim fa wo ɣeyiɣi didi aɖe eye nɔviawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ.

23 Le esia megbe la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Efraim na ŋkɔe be Beria, si gɔmee nye “Dzɔgbevɔ̃e,” le nya si dzɔ la ta.

24 Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera.

25 Efraim ƒe dzidzimeviwo yi ale:

26 ame si dzi Ladan, ame si dzi Amihud,

27 ame si dzi Nun,

28 Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe.

29 Du siwo nɔ Manase ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yosef, Israel ƒe vi, me ƒe dzikpɔkpɔ te la, woe nye Bet Sean, Taanak, Megido kple Dor kple du siwo ƒo xlã wo.

30 Aser ƒe viŋutsuwoe nye:

31 Beria ƒe viwoe nye:

32 Heber ƒe viwoe nye:

33 Yaflet ƒe viwoe nye:

34 Nɔvia, Semer ƒe viŋutsuviwoe nye:

35 Helem ƒe viwoe nye:

36 Zofa ƒe viwoe nye:

37 Bezer, Hod, Sama, Sila, Itran kple Beera.

38 Yeter ƒe viwoe nye:

39 Ula ƒe viwoe nye:

40 Aser ƒe dzidzimeviwo katã nye ƒometatɔwo kple aʋawɔla nyuiwo. Wode aʋawɔla akpe blaeve-vɔ-ade (26,000).

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado