1 Crônicas 6

EWE

1 Levi ƒe viwoe nye:

2 Kohat ƒe viwoe nye:

3 Amram ƒe viwoe nye:

4 Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye:

5 ame si dzi Buki,

6 ame si dzi Zerahia,

7 ame si dzi Amaria,

8 ame si dzi Zadok,

9 ame si dzi Azaria,

10 ame si dzi Azaria,

11 Azaria hã dzi Amaria,

12 ame si dzi Zadok,

13 ame si dzi Hilkia,

14 Azaria dzi Seraya,

15 ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem.

16 Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye,

17 Gerson ƒe viwoe nye:

18 Kohat ƒe viwoe nye:

19 Merari ƒe viwoe nye:

20 Gerson ƒe viwoe nye,

21 Yoa,

22 Kohat ƒe viwoe nye:

23 Elkana,

24 Tahat, Uriel,

25 Elkana ƒe dzidzimeviwo ma ɖe ƒome siawo me:

26 Elkana, Zofai,

27 Eliab,

28 Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye:

29 Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye:

30 Simea, Hagia kple Asaya.

31 Fia David ɖo hadzihadzikpɔlawo kple hadzilawo be woakafu Yehowa le agbadɔ la me esime wòtsɔ nubablaɖaka la de eme megbe.

32 Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu.

33 Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale:

34 Elkana, Yeroham,

35 Zuf, Elkana,

36 Elkana, Yoel,

37 Tahat, Asir,

38 Izhar, Kohat,

39 Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale:

40 Mikael, Baaseia,

41 Etni,

42 Etan, Zima,

43 Yahat,

44 Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale:

45 Hasabia,

46 Amzi, Bani,

47 Mahli,

48 Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me.

49 Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ.

50 Aron ƒe dzidzimeviwoe nye:

51 Buki,

52 Merayot, Amaria,

53 Zadok

54 Du kple anyigba siwo wona Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me la woe nye:

55 Hebron kple lãnyiƒe siwo ƒo xlãe le Yuda.

56 (Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.)

57 Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo.

58 Hilen, Debir,

59 Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo.

60 Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu.

61 Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi.

62 Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo.

63 Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo.

64 Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo.

65 Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo.

66 Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo:

67 Sekem (sitsoƒedu) kple Gezer,

68 Yokmeam kple Bet Horon,

69 Aiyalon kple Gat Rimon kple eŋu lãnyiƒe.

70 Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam.

71 Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye:

72 Isaka ƒe viwo tsɔ Kedes, Daberat,

73 Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo.

74 Aser ƒe viwo tsɔ Abdon, Masal

75 Hukok kple Rehob kple woƒe lãnyiƒewo na wo.

76 Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo.

77 Zebulon ƒe viwo tsɔ Rimono kple Tabor kpakple woƒe lãnyiƒewo na Merari ƒe viwo abe Sitsoƒeduwo ene.

78 Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza,

79 Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.

80 Gad ƒe viwo tsɔ Ramot le Gilead, Mahanaim

81 Hesbon kple Yazer kple woƒe lãnyiƒewo na wo.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado