1 Crônicas 25

EWE

1 David kple eƒe aʋafiawo ɖe Asaf ƒe viŋutsu aɖewo ɖe aga, Heman kple Yedutun na nyagbɔgblɔɖi ƒe dɔ eye kasaŋku, gakasaŋku kple asiʋuiwo ƒoƒo kplɔa wo ɖo. Ŋutsu siwo wɔa dɔ sia la ƒe ŋkɔwoe nye:

2 Tso Asaf ƒe viŋutsuwo dome:

3 Ame siwo tso Yedutun ƒe viŋutsuwo dome la woe nye:

4 Ame siwo tso Heman ƒe viŋutsuwo domee nye:

5 (Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.)

6 Ŋutsu siawo katã nɔ wo fofo ƒe kpɔkplɔ te be woatsɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aƒo hawo le subɔsubɔ me le Mawu ƒe aƒe me.

7 Woawo kple woƒe ƒometɔwo, ame siwo srɔ̃ hadzidzi henya hadzidzi na Yehowa nyuie la ƒe xexlẽmee nye alafa eve blaenyi-vɔ-enyi.

8 Wotia hadzilawo to nudzidze me eye womebu nufiala alo nusrɔ̃vi ŋu o.

9 Nudzidze gbãtɔ dze Yosef si tso Asaf ƒe ƒome me kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

10 Nudzidze etɔ̃lia dze Zakur kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

11 Nudzidze enelia dze Izri kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

12 Nudzidze atɔ̃lia dze Netania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

13 Nudzidze adelia dze Bukia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

14 Nudzidze adrelia dze Yesarela kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

15 Nudzidze enyilia dze Yesaya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

16 Nudzidze asiekelia dze Matania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

17 Nudzidze ewolia dze Simei kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

18 Nudzidze wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

19 Nudzidze wuievelia dze Hasabia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

20 Nudzidze wuietɔ̃lia dze Sebuel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

21 Nudzidze wuienelia dze Matitia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

22 Nudzidze wuiatɔ̃lia dze Yeremot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

23 Nudzidze wuiadelia dze Hananiya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

24 Nudzidze wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

25 Nudzidze wuienyilia dze Hanani kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

26 Nudzidze wuiasiekelia dze Maloti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

27 Nudzidze blaevelia dze Eliata kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

28 Nudzidze blaeve-vɔ-ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

29 Nudzidze blaeve-vɔ-evelia dze Gidalti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

30 Nudzidze blaeve-vɔ-etɔ̃lia dze Mahaziot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

31 Nudzidze blaeve-vɔ-enelia dze Romamti Ezer kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado