1 Crônicas 24

EWE

1 Esiawoe nye Aron ƒe viŋutsuwo ƒe mama ɖe hawo me.

2 Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene.

3 David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me.

4 Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu.

5 Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me.

6 Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe.

7 Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu:

8 Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim.

9 Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya.

10 Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz.

11 Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua.

12 Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib.

13 Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa.

14 Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga.

15 Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir.

16 Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia.

17 Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin.

18 Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya

19 Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene.

20 Levitɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ bubuwoe nye esiawo:

21 Isia nye Rehabia ƒe dzidzimevi;

22 Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi;

23 Hebron viwoe nye:

24 Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi;

25 Zekaria nye Uziel ƒe dzidzimevi to Isia, Mika nɔvi dzi;

26 Mahli Musi kple Yaazia nye

27 Viŋutsu etɔ̃ nɔ Yaazia si;

28 Mahli dzi Eleazar ke eya medzi ŋutsuvi aɖeke o.

29 Kis ƒe viŋutsuwoe nye Yerameel.

30 Vi etɔ̃, Mahli, Eder kple Yeremot nɔ Musi si.

31 Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado