1 O! Mawu, wòe nye nye Mawu,
2 Mekpɔ wò le kɔkɔeƒe la,
3 Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la,
4 Makafu wò, zi ale si mele agbe,
5 Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene;
6 Le nye aba dzi, meɖoa ŋku dziwò,
7 Esi nènye nye xɔnametɔ ta la,
8 Nye luʋɔ ku ɖe ŋuwò goŋgoŋgoŋ,
9 Woatsrɔ̃ ame siwo le nye agbe yome tim,
10 Woatsɔ wo ade asi na yi,
11 Ke fia la akpɔ dzidzɔ le Mawu me;