1 Mikafu Yehowa.
2 Mi ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me,
3 Mikafu Yehowa,
4 Elabena Yehowa tia Yakob be wòanye ye tɔ,
5 Menya be Yehowa lolo,
6 Yehowa wɔa nu sia nu si dze eŋu
7 Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke,
8 Eƒo Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi;
9 O! Egipte, edɔ eƒe dzesiwo
10 Eƒo dukɔ geɖewo ƒu anyi,
11 Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia,
12 eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu,
13 O! Yehowa, wò ŋkɔ li tegbetegbe,
14 Elabena Yehowa atso afia na eƒe dukɔ,
15 Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika,
16 Nu li na wo, gake womeƒoa nu o, ŋku li na wo
17 to li na wo, gake womesea nu loo,
18 Ame siwo wɔ wo la anɔ abe woawo ke ene,
19 O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa,
20 O! Levi ƒe aƒe, mikafu Yehowa,
21 Woakafu Yehowa tso Zion,