1 Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:
2 na nunya kple amehehe,
3 hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,
4 be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya
5 nunyalawo neɖo to,
6 be woase nunyalawo ƒe lododowo
7 Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,
8 Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃
9 Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta
10 Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la,
11 Ne wogblɔ na wò be,
12 ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene,
13 ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si
14 eya ta de mía dzi
15 vinye, mègakplɔ wo ɖo o,
16 elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu
17 Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo
18 Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ
19 Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ,
20 Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi
21 Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye
22 “Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ?
23 Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,
24 Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi,
25 eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo,
26 nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta
27 ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene,
28 “Ekema woayɔm gake nyematɔ o,
29 Le esi wolé fu sidzedze
30 le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo
31 Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse
32 elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo
33 Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me