1 Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la.
2 Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi,
3 eye wògblɔ nya ɖi be,
4 ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi,
5 “O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo!
6 “Wokeke abe balimewo ene.
7 Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me.
8 “Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte.
9 Wole adeklo dzi abe dzata ene,
10 Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃.
11 Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!”
12 Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo
13 be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!
14 “Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!”
15 Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ:
16 Esea Mawu ƒe nyawo,
17 “Mekpɔe le Israel ŋgɔ be,
18 Israel axɔ Edom kple Seir siaa;
19 dziɖula atso Yakob,
20 Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be,
21 Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be,
22 ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo.
23 Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be,
24 Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta
25 Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.