Jeremias 9

EWE

1 Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe

2 Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo,

3 Yehowa be,

4 Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu.

5 Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o.

6 Amebeble le gã dom ɖe edzi.

7 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:

8 Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene,

9 Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa?

10 “Mafa avi ado ɣli na towo,

11 “Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe

12 Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?

13 Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o.

14 Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.”

15 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi.

16 Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”

17 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:

18 Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí

19 Wose aviɣli le Zion.

20 Azɔ la, Oo nyɔnuwo,

21 Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi.

22 Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi:

23 Ale Yehowa gblɔe nye esi:

24 ke boŋ ame si aƒo adegbe la,

25 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko.

26 Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado