1 Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.”
2 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
3 Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be,
4 O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,
5 Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene;
6 Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli
7 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
8 Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ
9 Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa
10 “O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya,
11 Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle,
12 Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi.
13 Emegbe la, ɖetugbiwo,
14 Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo
15 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
16 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
17 Yehowa be,
18 “Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be:
19 Esi metra mɔ la,
20 Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃,
21 “Mitu dzesidetiwo
22 O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla,
23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’
24 Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa.
25 Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.”
26 Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ.
27 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me.
28 Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe.
29 “Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o.
30 Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.”
31 Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna
32 Manɔ abe nu si mebla
33 “Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la
34 Ame aɖeke magafia nu ehavi
35 Ale Yehowa gblɔe nye esi,
36 Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la,
37 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
38 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu.
39 Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa.
40 Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”