Jeremias 18

EWE

1 Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremia,

2 “Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo.”

3 Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ dɔ wɔm le zemenu dzi.

4 Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu.

5 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena,

6 “Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na wò abe ale si zemela sia wɔ ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee.

7 Ne ɣe aɖe ɣi meɖe gbeƒã be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe kple ke, agbãe, ahatsrɔ̃e,

8 eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o.

9 Ke ne meɖe gbeƒã ɣe bubu ɣi be maɖo dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe te, ahade eƒe agunu to

10 gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le nye ŋkume eye meɖo tom o la, ekema matrɔ susu le nu nyui si meɖo be mawɔ nɛ hafi la ŋuti.

11 “Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’

12 Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’ ”

13 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:

14 Ɖe tsikpe si dzana ɖe Lebanon ƒe

15 Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba

16 Woana woƒe anyigba nazu gbegbe,

17 Makaka wo le woƒe futɔwo ŋgɔ abe ɣedzeƒeya ene.

18 Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”

19 Yehowa, ɖo tom, se nu si gblɔm nunyetsolawo le la ɖa!

20 Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea?

21 Eya ta tsɔ wo viwo de asi na dɔwuame,

22 Na be avifafa naɖi le woƒe aƒewo me

23 O Yehowa, wò la, ènya nugbe si woɖo ɖe ŋunye be yewoawum.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado