Isaías 6

EWE

1 Le ƒe si me Fia Uzia ku la, mekpɔ Aƒetɔ la wònɔ fiazikpui nyui kɔkɔ aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la katã me.

2 Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii.

3 Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be,

4 Woƒe gbe ƒe ɖiɖi na be ʋɔtrutiawo kple gbedoxɔ la ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ gbedoxɔ la me taŋ.

5 Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”

6 Kasia Serafiawo dometɔ ɖeka dzo yi ɖe vɔ̃samlekpui la gbɔ, eye wòtsɔ abɛ tsɔ dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi hedzo va gbɔnye.

7 Etsɔ dzoka xɔxɔ la tɔ nye nuyi hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖe wò vodadawo ɖa, eye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò, elabena dzoka sia ka wò nuyi ŋuti.”

8 Eye mese Aƒetɔ la ƒe gbe wòbia be, “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?”

9 Egblɔ nam be,

10 Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri,

11 Eye megblɔ bena “Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Aƒetɔ?”

12 Va se ɖe esime Yehowa nya ame sia ame ɖo ɖe aboyome,

13 Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado