Isaías 38

EWE

1 Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ”

2 Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be,

3 “O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.

4 Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be:

5 “Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.”

6 Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta.

7 “ ‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo.

8 Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.

9 Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:

10 Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me,

11 Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o.

12 Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye

13 Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli,

14 Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene,

15 Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam,

16 O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo,

17 Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae

18 Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o,

19 Ame gbagbewo koe akafu wò

20 Yehowa aɖem, eye míadzi ha

21 Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”

22 Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado