1 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa,
2 Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo,
3 ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo,
4 Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe,
5 Amewo ate wo nɔewo ɖe to,
6 Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be,
7 Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be,
8 Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ,
9 Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene,
10 Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo,
11 Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi.
12 Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to,
13 Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu.
14 Yehowa bu fɔ eƒe amewo,
15 Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo,
16 “Zion nyɔnuwo dana,
17 Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi,
18 Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo,
19 aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa.
20 Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo,
21 ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa.
22 Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo;
23 ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.
24 Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu;
25 Wò ŋutsuwo atsi yi nu,
26 Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi,