1 Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi.
2 Miɖo tom, Yakob ƒe viwo, miɖo to Israel, mia fofo.
3 “Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ,
4 Ke mèdzea akɔ anyi o;
5 “Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ.
6 O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu.
7 Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe,
8 “Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo.
9 Yuda nye dzatavi;
10 Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o
11 Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu,
12 Eƒe ŋkuwo biã wu wain,
13 “Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe.
14 “Isaka nye tedzi agbatsɔlã sesẽ aɖe si
15 Esi wòkpɔ ale si teƒea nya kpɔna
16 “Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene.
17 Anye da si ɖua afɔkpodzi na sɔ le mɔ dzi,
18 Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.
19 “Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi,
20 “Aser la, nuɖuɖu siwo nyo na fiawo la aʋã nɛ fũu.
21 “Naftali nye zinɔ si ɖea abla,
22 “Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to,
23 Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii.
24 Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ
25 Mia fofowo ƒe Mawu,
26 wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo
27 “Benyamin nye amegaxi si léa nu.
28 Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi.
29 Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi,
30 ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba si te ɖe Mamre ŋu le Kanaanyigba dzi la. Abraham ƒle teƒe sia abe ameɖiƒe ene le Efrɔn, Hititɔ la gbɔ kpe ɖe anyigba la ŋu.
31 Afi ma woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afi ma ke meɖi Lea hã ɖo.
32 Enye kpeto si tɔgbuinye Abraham ƒle le Het ƒe viŋutsuwo si.”
33 Esi Yakob wu eƒe nyagblɔɖiawo na viawo nu la, emlɔ anyi azɔ ɖe eƒe abati dzi, eye wòku.