Gênesis 36

EWE

1 Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale:

2 Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple

3 Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu.

4 Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel.

5 Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi.

6 Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ.

7 Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta.

8 Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.

9 Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale:

10 Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ.

11 Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye:

12 Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo.

13 Reuel ƒe viŋutsuwoe nye:

14 Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah.

15 Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome.

16 Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo.

17 Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo:

18 Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo:

19 Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo.

20 Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me:

21 Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo.

22 Lotan ƒe viwoe nye,

23 Sobal ƒe viŋutsuwoe nye:

24 Zibeon ƒe viwoe nye:

25 Ana ƒe viwoe nye:

26 Dison ƒe viwoe nye:

27 Ezer ƒe viwoe nye:

28 Disan ƒe viŋutsuwoe nye:

29 Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo.

30 Dison, Ezer kple Disan.

31 Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye:

32 Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.

33 Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia.

34 Esi Yobab ku la, Husam si tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi la ɖu fia ɖe eteƒe.

35 Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit.

36 Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.

37 Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.

38 Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.

39 Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi.

40 Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu:

41 Oholibama, Ela, Pinon,

42 Kenaz, Teman, Mibzar,

43 Magdiel kple Iram.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado