Ezequiel 30

EWE

1 Yehowa ƒe nya va nam be,

2 “Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

3 elabena ŋkeke ma gogo,

4 Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu,

5 Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’

6 “Ale Yehowa gblɔe nye esi:

7 “Woazu gbegbe le anyigba

8 Ekema woanya be nyee nye Yehowa,

9 “Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo.

10 “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

11 Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ,

12 Mana Nil tɔsisi la namie,

13 “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

14 Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe,

15 Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium,

16 Matɔ dzo Egipte;

17 Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu,

18 Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti,

19 Ale mahe to na Egipte,

20 Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be,

21 “Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o.

22 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi.

23 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.

24 Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene.

25 Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu.

26 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado