Ezequiel 27

EWE

1 Yehowa ƒe nya va nam be,

2 “Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu.

3 Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

4 Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi,

5 Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo,

6 Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe,

7 Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo

8 Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo,

9 Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ

10 “Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put

11 Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ

12 “Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe.

13 “Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe.

14 “Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe.

15 “Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo.

16 “Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe.

17 “Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe.

18 “Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me.

19 “Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe.

20 “Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo.

21 “Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò.

22 “Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika.

23 “Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò.

24 Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie.

25 “Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo.

26 Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi.

27 Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo

28 Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la,

29 Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la,

30 Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò,

31 Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya.

32 Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la,

33 Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la,

34 Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu

35 Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò;

36 Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado