Êxodo 15

EWE

1 Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be,

2 “Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ,

3 Yehowa nye aʋawɔla,

4 Ede Farao ƒe tasiaɖamwo

5 Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi.

6 O, Yehowa,

7 “Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me,

8 Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do,

9 Futɔ la gblɔ dadatɔe be,

10 Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ,

11 “O, Yehowa, ame kae le abe wò ene

12 Èdo wò nuɖusi ɖa,

13 “Àkplɔ ame siwo nèɖe la

14 Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya;

15 Ŋɔdzi alé Edom fiawo,

16 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi.

17 Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te

18 “Yehowa aɖu fia

19 Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me.

20 Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe.

21 Eye Miriam dzi ha sia:

22 Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o.

23 Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.)

24 Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?”

25 Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui.

26 “Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”

27 Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado