Eclesiastes 4

EWE

1 Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu.

2 Ale mebu be ame kukuwo tɔ

3 eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la,

4 Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

5 Bometsila bla asi ɖe akɔnu

6 Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa

7 Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu.

8 Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si

9 Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka

10 Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe,

11 Hekpe ɖe esia ŋu la,

12 Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe

13 Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ.

14 Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã.

15 Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe gɔ̃ hã.

16 Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado