1 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba dzi klẽ.
2 Edo ɣli kple gbe gã aɖe be,
3 elabena dukɔwo katã no
4 Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be,
5 elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke,
6 Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene.
7 Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be,
8 Eya ta le ŋkeke ɖeka me la,
9 “Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ.
10 Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be,
11 “Anyigbadzisitsalawo afa avi, eye woafa nɛ, elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o.
12 Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo.
13 Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.
14 “Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’
15 Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi,
16 eye woado ɣli be,
17 Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la,
18 Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’
19 Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be,
20 “O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta!
21 Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be,
22 Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo,
23 Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o.
24 Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo