1 David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me.
2 Egblɔ be:
3 Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso,
4 “Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu,
5 Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm,
6 Tsiẽƒe ƒe kawo blam
7 “Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me,
8 Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu;
9 Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime;
10 Ema dziŋgɔli ɖe eve,
11 Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo.
12 Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene
13 dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ.
14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo;
15 Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo,
16 Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa
17 “Edo asi ɖa tso dziƒo lém,
18 tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me,
19 Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe
20 Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza;
21 “Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu
22 Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi.
23 Eƒe sewo katã le ŋkunye me;
24 Nyemeɖi fɔ le eŋkume o
25 Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye
26 “Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla
27 Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza
28 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui
29 Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi!
30 Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me
31 “Mawu ya ƒe mɔwo de blibo,
32 Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu?
33 Mawue nye nye mɔ sesẽ,
34 Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene
35 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo
36 Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam.
37 Èkeke mɔ le tenye,
38 “Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo;
39 Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o.
40 elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ,
41 Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ
42 Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo
43 Metu wo, wozu abe ke ene.
44 “Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me,
45 Ne wose ŋkɔnye ko la,
46 Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe
47 “Yehowa li tegbee!
48 Eyae nye Mawu, ame si bia hlɔ̃ nam.
49 Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me,
50 eya ta ele be makafu wò, Oo Yehowa,
51 “Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la,