1 Le Saul ƒe ku megbe la. David trɔ va Ziklag le esime wòɖu Amalekitɔwo dzi vɔ megbe eye wònɔ afi ma ŋkeke eve.
2 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu.
3 David biae be, “Afi ka nètso?”
4 David yi edzi be, “Nya kae dzɔ? Gblɔe nam.”
5 Tete David bia ɖekakpui si tsɔ du la vɛ nɛ la be: “Aleke nèwɔ nya be Saul kple via Yonatan ku?”
6 Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Menɔ Gilboa to la dzi eye mekpɔ Saul wòtɔ eɖokui ɖe eƒe akplɔ nu le esime futɔwo ƒe tasiaɖamwo nɔ to ɖem ɖee.
7 Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’
8 “Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’
9 “Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’
10 “Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.”
11 David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia.
12 Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu.
13 David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?”
14 David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?”
15 Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku.
16 Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ”
17 David kpa konyifaha sia tso Saul kple via Yonatan ŋu
18 eye wòde se na Yuda ŋutsuwo be woafia aŋutrɔ ƒe konyifaha sia abe ale si woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me ene.
19 “Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe
20 “Migagblɔe le Gat o;
21 “Oo, mi Gilboa towo,
22 “Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu
23 Saul kple Yonatan,
24 “O Israel vinyɔnuwo,
25 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
26 Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem
27 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!