1 Crônicas 16

EWE

1 Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.

2 Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me

3 eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.

4 Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye:

5 Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo.

6 Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe.

7 Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.

8 Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa

9 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,

10 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,

11 Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,

12 Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,

13 O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo,

14 Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu!

15 Eɖoa ŋku eƒe nubabla

16 Eƒe nu si wòbla kple Abraham,

17 Eɖo kpe edzi na Yakob

18 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,

19 Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,

20 Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me

21 Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o

22 Mawu gblɔ na fia mawo be,

23 Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa,

24 Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome

25 Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ;

26 Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo.

27 Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽ

28 O mi dukɔwo ƒe ƒomewo,

29 Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ.

30 Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume.

31 Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi.

32 Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe

33 Ekema avemetiwo katã adzi ha

34 Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo

35 Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí,

36 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la

37 David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe.

38 Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo.

39 Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma.

40 Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene.

41 David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta.

42 Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo.

43 Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo.

Ler em outra tradução

Comparar lado a lado